INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/10 axa 1
  • ‘Woaɖe Gbeƒã Nya Nyui Sia’ Godoo!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Woaɖe Gbeƒã Nya Nyui Sia’ Godoo!
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Nèle Wò Subɔsubɔdɔ La Wɔm Bliboea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Gideon Ðu Midiantɔwo Dzi
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Alesi Míado Ŋusẽ Míaƒe Kaka Ðe Mawu Ƒe Dzɔdzɔenyenye Dzii
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • “Yehowa Kple Gideon Tɔe Nye Yi La!”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
km 5/10 axa 1

‘Woaɖe Gbeƒã Nya Nyui Sia’ Godoo!

1. Nu kae na míeka ɖe edzi be naneke mate ŋu atɔ te gbeƒãɖeɖedɔa o?

1 Naneke mate ŋu atɔ te Yehowa be wòado kpo eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ade goe gbeɖe o. (Yes. 14:24) Togbɔ be Ʋɔnudrɔ̃la Gideon kple eƒe ame 300-awo dze ŋgɔ Midian aʋakɔ, si me ame 135,000 le, eye wòdze abe womate ŋu aɖu wo dzi gbeɖe o ene hã la, Yehowa gblɔ nɛ be: ‘Àɖe Israel tso Midiantɔwo si me; nye ŋutɔe le dɔwòm!’ (Ʋɔn. 6:14) Dɔ kae Yehowa le megbe na egbea? Yesu gblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi.” (Mat. 24:14) Ame aɖeke mate ŋu atɔ te dɔ sia be woagawɔe ade goe o!

2. Nu ka tae míate ŋu akpɔ mɔ be Yehowa akpe ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu le subɔsubɔdɔa me?

2 Yehowa Kpena Ðe Mía Dometɔ Ðe Sia Ðe Ŋu: Togbɔ be míeka ɖe edzi be Yehowa kpena ɖe mí Ðasefowo ŋu abe ƒuƒoƒo ene hã la, ɖe míate ŋu anɔ mɔ kpɔm be akpe ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu ɖekaɖekaa? Esi hiã tu Paulo la, ekpɔe be Yehowa kpe ɖe ye ŋu to Via Yesu dzi. (2 Tim. 4:17) Eya ta míawo hã míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ayra mía dometɔ ɖe sia ɖe esi míele agbagba dzem be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu ade goe.—1 Yoh. 5:14.

3. Nɔnɔme kawo mee Yehowa kpena ɖe mía ŋu le?

3 Ðe gbesiagbe dzimaɖitsitsiwo nana be ɖeɖi tea ŋuwò ale gbegbe be, ŋusẽ boo aɖeke meganɔa ŋuwò nàtsɔ awɔ subɔsubɔdɔae oa? Ekema nyae be, “eyae naa lãmesesẽ ame siwo ŋu ɖeɖi te.” (Yes. 40:29-31) Ðe wole tsitre tsim ɖe ŋuwò alo le yowòme timaa? Ekema “tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò.” (Ps. 55:23) Ðe vɔvɔ̃ ɖoa wo ɣeaɖewoɣia? Etsɔ nya siawo le ŋusẽ dom wò be: “Heyi ko, makpe ɖe ŋuwò nàƒo nu.” (2 Mose 4:11, 12) Ðe lãmegbegblẽ wɔe be mète ŋu le geɖe wɔm le subɔsubɔdɔa me oa? Yehowa dea asixɔxɔ ale si nèsubɔnɛ tso dzi blibo me la ŋu, eɖanye aleke kee wò subɔsubɔdɔa le sue o.—1 Kor. 3:6, 9.

4. Ne míeka ɖe Yehowa dzi la, nu kae wòaʋã mí míawɔ?

4 Ne Yehowa ‘do eƒe alɔ ɖe dzi la, ame ka agbugbɔe?’ (Yes. 14:27) Esi míeka ɖe edzi be Yehowa ayra mí le subɔsubɔdɔa me ta la, mina míanɔ gbeƒã ɖem madzudzɔmadzudzɔe ahatsɔ ‘Yehowa ƒe ŋusẽ anɔ nu ƒom dzinɔameƒotɔe.’—Dɔw. 14:3.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe