INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/10 axa 7
  • Ale Si Nàfia Gbeƒãɖeɖe Ame Yeyewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Nàfia Gbeƒãɖeɖe Ame Yeyewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Na Dzo Nanɔ Mewò Ðe Gbeƒãɖeɖedɔa Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Na Hehe Gbeƒãɖela Yeyewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Na Hehe Wo Be Woasubɔ Yehowa Ɣeawokatãɣi
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Nye Zɔhɛ Nyui
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
km 5/10 axa 7

Ale Si Nàfia Gbeƒãɖeɖe Ame Yeyewo

1. Aleke nèse le ɖokuiwò me zi gbãtɔ si nèyi gbea dzi?

1 Èɖo ŋku zi gbãtɔ si nèɖe gbeƒã tso aƒe me yi aƒe mea? Ðewohĩ ènɔ vɔvɔ̃m ŋutɔ. Ne mia kple ame si srɔ̃ Biblia kpli wò alo gbeƒãɖela bubu aɖee nɔ gbea dzi ɣemaɣi la, anɔ eme godoo be èkpɔ dzidzɔ ɖe ale si wòkpe ɖe ŋuwòe la ŋu. Fifia, esi nèva zu subɔla bibi la, wò hã àte ŋu akpe asi ɖe eŋu míafia gbeƒãɖeɖe ame yeyewo.

2. Nu kae wòle be gbeƒãɖela yeyewo nasrɔ̃?

2 Ehiã be gbeƒãɖela yeyewo nasrɔ̃ ale si woadze dzeɖoɖo gɔme kple aƒemenɔlawo, ale si woazã Biblia ne wole gbeƒã ɖem na amewo tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu, ale si woatrɔ ayi ame siwo woɖe gbeƒã nae la gbɔ, kple ale si woadze nusɔsrɔ̃ gɔme kple amewo. Ele be woasrɔ̃ ale si woakpɔ gome le gbeƒãɖeɖemɔnu vovovowo me, abe ablɔdziɖaseɖiɖi kple gbeƒãɖeɖe le dɔwɔƒewo ene. Àte ŋu akpe ɖe wo ŋu woabi aɖe gbeƒã le mɔ vovovo siawo nu ne èɖo kpɔɖeŋu na wo heɖo aɖaŋu na wo.

3. Aleke míato kpɔɖeŋu si míeɖona dzi akpe ɖe ame bubuwo ŋui?

3 Ðo Kpɔɖeŋu Na Wo: Yesu fia ale si wòle be eƒe nusrɔ̃lawo nafia nui la wo. (Luka 8:1; 1 Pet. 2:21) Ne èwɔ ɖoɖo be yeayi gbea dzi kple gbeƒãɖela yeye aɖe la, dzra dzeɖonya bɔbɔe aɖe si eya hã ate ŋu azã la ɖo, ɖewohĩ esiwo le míaƒe agbalẽwo me la dometɔ ɖeka. Emegbe gblɔ nɛ be yeawɔe le ʋɔtru gbãtɔ alo eve gbãtɔwo nu ne wòase nya siwo yegblɔ. Ne miedzo le ʋɔtru aɖe nu la, àte ŋu abia gbeƒãɖelaa wòagblɔ nu si wòsusu be eyae na dzeɖonya si nèzã la wɔ dɔ. Esia ana wòakpɔ ale si wòle vevie be wòawɔ dɔ kple ame bubuwo le gbea dzi, eye ana wòanɔ bɔbɔe nɛ be wòawɔ ɖe aɖaŋu siwo nàɖo nɛ ne eya hã ɖi ɖase le ʋɔtru aɖe nu vɔ la dzi.

4. Aleke míate ŋu akpe ɖe gbeƒãɖela yeye aɖe ŋu ne míeɖo to se ale si wòɖi ɖasee?

4 Ðo Aɖaŋu Na Wo: Yesu na mɔfiame eƒe nusrɔ̃lawo tso ale si wòle be woaɖe gbeƒãe la ŋu. (Mat. 10:5-14) Wò hã àte ŋu akpe ɖe gbeƒãɖela yeyewo ŋu nenema ke. Ne eɖo edzi be wòaƒo nu la, ɖo to nyuie. Eye ne miedzo le ʋɔtrua nu la, anyo be nàkafui tso dzi me ɖe akpa si koŋ wòwɔ nyuie la ta, ne ède dzesii be ahiã be wòatrɔ asi le akpa aɖewo ŋu hã. Gake hafi nàɖo aɖaŋu nɛ la, lé ŋku ɖe eŋu ahakpɔe ɖa be etrɔ asi le akpa ma ŋu le ʋɔtru bubu nu hã. Ðewohĩ ɖeko wònɔ vɔvɔ̃m. Nenɔ susu me na wò hã be, menye ŋutete ɖekae le gbeƒãɖelawo katã si o, eye mɔ vovovowo li, si dzi woate ŋu ato awɔ nu ɖeka ma ke.—1 Kor. 12:4-7.

5. Nya kae míate ŋu agblɔ ne míedi be míaɖo aɖaŋu na gbeƒãɖela yeyewo?

5 Ɣeaɖewoɣi gbeƒãɖela yeye aɖe ate ŋu abia be nàɖo aɖaŋu na ye. Gake ne mebia o hã la, wò ŋutɔ àte ŋu aɖe afɔa gbã. Aleke nàte ŋu awɔ esia ŋuɖɔɖotɔe? Ðeko gbeƒãɖela bibi aɖewo biana be: “Mate ŋu aɖo aɖaŋu aɖe na wòa?” alo “Aleke nèkpɔ wò ɖaseɖiɖiae?” Mɔ bubu hãe nye be nàgblɔ be: “Esi medze gbeƒãɖeɖe gɔme tetia, esesẽna nam be . . . , gake nu si kpe ɖe ŋunyee nye esi. . . .” Ɣeaɖewoɣi la, eɖea vi ŋutɔ ne miedzro mɔfiamewo me le Reasoning gbalẽa me ɖekae. Be nàgana wòate ɖe edzi fũu o la, ɖo aɖaŋu nɛ le eƒe ɖaseɖiɖia ƒe akpa ɖeka ko ŋu.

6. Aleke míate ŋu ‘anyre mía nɔewo’ ne míele subɔsubɔdɔa wɔm?

6 Gae Nyrea Ga: Paulo ɖo aɖaŋu na Timoteo, si nye nya nyui gblɔla bibi, be wòado vevie nufiafia ahana eƒe ŋgɔgbedede nadze ƒãa. (1 Tim. 4:13, 15) Togbɔ be ɖewohĩ èdze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme ƒe geɖewoe nye esia hã la, mègadzudzɔ nufiafiaɖaŋu tutu ɖo o. Srɔ̃ ale si gbeƒãɖela siwo mia kpli wo mieyia gbea dzi la ɖia ɖasee, esiwo mebi tututu le subɔsubɔdɔa me o hã, eye nɔ klalo nàkpe ɖe amewo ŋu tufafatɔe, vevietɔ ame yeyewo, be woawo hã woava zu subɔla siwo bi ɖe nya nyuia gbɔgblɔ me.—Lod. 27:17.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe