Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ February 1
“Èsusu be ate ŋu anya wɔ be míanya ale si tututu Mawu lea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Magazine nyui aɖe le asinye ku ɖe nya sia ŋu.” Xlẽ numeɖeɖe si le nyabiase 2 lia te, si dze le axa 16 lia la nɛ eye miadzro eme; xlẽ mawunyakpukpuiawo dometɔ ɖeka. Tsɔ magazine la nɛ, eye nàwɔ ɖoɖo kplii be yeatrɔ ava ne yewoadzro nyabiase 3 lia me.
Awake! February
“Esi wònye be Biblia nye agbalẽ aɖe si xɔ ƒe geɖe ŋutɔ ta la, ame aɖewo susuna be eƒe nyawo mesɔ kple egbegbe dzɔdzɔmeŋutinunya o. Aleke wò ya nèsusu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Eyome xlẽ Yesaya 40:22.] Ewɔ nuku na ame geɖe be Biblia gblɔ nya sia. Nyati si dze egɔme tso axa 22 lia ɖo nyabiase si nye, Ðe ɖekawɔwɔ le Biblia me nyawo kple dzɔdzɔmeŋutinunya domea? la ŋu.”
Gbetakpɔxɔ March 1
“Wonya Yehowa Ðasefowo nyuie be woɖea gbeƒã. Ðe nèbia ɖokuiwò kpɔ be nu ka tae wowɔa dɔ sia ɖo hã? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Bu numeɖeɖe sia ŋu kpɔ. [Xlẽ Mateo 24:14.] Magazine sia ɖo biabia siwo nye, Nu kae nye nya nyui sia? Nu kae nye Fiaɖuƒe la? Eye nu ka ƒe nuwuwue gbɔna? la ŋu.”
Awake! March
“Esi wònye be dɔléle le fu ɖem na ame geɖe ta la, míele mawunyakpukpui dedziƒoname sia xlẽm na amewo. [Xlẽ Yesaya 33:24.] Ne nya sia va eme la, aleke nèsusu be agbea anɔ ɣemaɣi? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Hafi Mawu nahe tɔtrɔ ma ava xexea me la, afɔ vevi aɖewo li siwo wòle be mí katã míaɖe be míaganɔ dɔ dzem kabakaba o. Magazine sia ɖe eme.”