INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/11 axa 2
  • Ablɔdziɖaseɖiɖi Si Tsea Ku

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ablɔdziɖaseɖiɖi Si Tsea Ku
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðetsɔlemetɔwo Didi to Ablɔdziɖaseɖiɖi Nyui Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Ðe Gbeƒã Nyanyuia Le Afisiafi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Dutoƒoɖaseɖiɖi Ƒe Mɔnu Yeyewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Ðaseɖiɖi Nyuie le Afisi Amewo Sɔa Gbɔ Ðo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
km 6/11 axa 2

Ablɔdziɖaseɖiɖi Si Tsea Ku

1. Mɔ siwo dzi míato asrɔ̃ Yesu la dometɔ ɖeka ɖe?

1 Le Yesu ƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa me la, eƒo nu na ame siwo wòdo go le mɔwo dzi kple ablɔwo dzi la heheɖemegbemanɔmee. (Luka 9:57-61; Yoh. 4:7) Eƒe didie nye be yeagblɔ gbedeasi vevi si wode ye si la na ame geɖe ale si nu yeate ŋui. Egbea la, ablɔdziɖaseɖiɖi nye mɔ vevi aɖe si dzi míetona kpena ɖe amewo ŋu be mawumenunya nasu wo si. (Lod. 1:20) Míakpɔ dzidzedze geɖe wu ne míawo ŋutɔwo míetena ɖe amewo ŋu eye míewɔa nuŋububu nyui ŋu dɔ.

2. Nu kae ablɔdziɖaseɖiɖi bia be nàwɔ?

2 Wò Ŋutɔ Te Ðe Amewo Ŋu: Zi geɖe la, eɖea vi wu ne wò ŋutɔ ètena ɖe ame siwo tso eme va yina la ŋu, tsɔ wu be nàtɔ ɖi alo anɔ anyi ɖe teƒe ɖeka ahanɔ lalam be ameawo boŋ nate ɖe ye ŋu. Ko alɔgbɔnu, kpɔ amea ŋkume, eye nàte ɖe eŋu le tufafa kple xɔlɔ̃wɔwɔ mɔ nu. Ne èle dɔ wɔm kple gbeƒãɖela bubuwo la, zi geɖe la, enyona wu ne miete ɖe amewo ŋu ɖekaɖeka. Ahiã hã be nàdze agbagba ato mɔ aɖe dzi anya ale si nàwɔ ake ɖe ame siwo tsɔ ɖe le eme la ŋu be nàtu woƒe ɖetsɔlemea ɖo. Ne esɔ la, le dzeɖoɖoa ƒe nuwuwu la, bia amea be aleke yeawɔ agakpɔe ake mahã. Gbeƒãɖela aɖewo wɔa ablɔdziɖaseɖiɖidɔa edziedzi le teƒe ɖeka ma ke, eye esia kpena ɖe wo ŋu woɖia ɖase na ame mawo ke edziedzi eye wotua woƒe ɖetsɔleme ɖo.

3. Aleke míate ŋu awɔ nuŋububu nyui ŋu dɔ ne míele ablɔdziɖaseɖiɖidɔ wɔm?

3 Wɔ Nuŋububu Nyui Ŋu Dɔ: Bu nuwo ŋu nyuie ne èle nya me tsom le afi si nàtɔ ɖo le ablɔ dzi kple ame si ŋu nàte ɖo ŋu. Mehiã be nàɖi ɖase na ame sia ame si tso eme va yina o. Lé ŋku ɖe nu ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne amea le kplakplakpla dzi la, anyo wu be nàɖe asi le eŋu wòava yi. Ne èle ɖase ɖim le dɔwɔƒe aɖe ŋkume la, dze aɖaŋu ale be dɔwɔƒea ƒe amegã nagatsi dzimaɖi le tawò o. Zi geɖe la, enyona wu ne èɖi ɖase na amewo esime wotrɔ tso dɔwɔƒea gbɔna wu be nàɖi ɖase na wo esime wòyina. Te ɖe amewo ŋu le mɔ si mana vɔvɔ̃ naɖo wo alo woaɖi vo o nu. Gakpe ɖe eŋu la, bu nuwo ŋu nyuie ne èle agbalẽwo nam. Ne amea metsɔ ɖe le eme tututu o la, àte ŋu ana trakt aɖee tsɔ wu be nanae magazineawo.

4. Nu ka tae ablɔdziɖaseɖiɖidɔa nye ɖaseɖimɔnu aɖe si me dzidzɔ geɖe le si tsea ku ŋutɔ?

4 Ablɔdziɖaseɖiɖi naa mɔnukpɔkpɔ mí be míawu nyateƒea ƒe nuku gbogbo aɖe le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. (Nyagb. 11:6) Míetea ŋu doa go ame siwo ŋu míekena ɖo le woƒe aƒewo me, ne míele tso aƒe me yi aƒe me dɔa wɔm, o la gɔ̃ hã. Ðe manyo ŋutɔ be nàwɔ ɖoɖo akpɔ gome le ablɔdziɖaseɖiɖidɔ, si nye gbeƒãɖeɖemɔnu aɖe si me dzidzɔ geɖe le, eye wòtsea ku ŋutɔ la, me oa?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe