INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/11 axa 1
  • Miaƒe “Dɔme Natrɔ Ðe Ame Ŋu”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Miaƒe “Dɔme Natrɔ Ðe Ame Ŋu”
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Miaƒe Dɔme Natrɔ Ðe Ame Ŋu”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Srɔ̃ Yehowa Ƒe Veveseɖeamenu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Yehowa Ðua Fia le Dɔmetɔtrɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • “Mía Mawu Ƒe Dɔmetɔtrɔ Gã La”
    Te Ðe Yehowa Ŋu
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
km 7/11 axa 1

Miaƒe “Dɔme Natrɔ Ðe Ame Ŋu”

1. Nu kae amewo hiã vevie egbea?

1 Egbea la, ame geɖe dina vevie be amewo ƒe dɔme natrɔ ɖe yewo ŋu wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe le ŋutinya me. Xexea me ƒe nɔnɔme si le gbegblẽm ɖe edzi la wɔe be dzidzɔmakpɔmakpɔ, blanuiléle, kple mɔkpɔkpɔmanɔamesi va xɔ aƒe ɖi. Ame miliɔn geɖewo hiã na kpekpeɖeŋu, eye abe Kristotɔwo ene la, agba le mía dzi be míaɖe ɖetsɔleme vavãtɔ afia mía haviwo. (Mat. 22:39; Gal. 6:10) Aleke míate ŋu aɖe ɖetsɔleme sia afia?

2. Mɔ nyuitɔ ka dzie míate ŋu ato aɖe dɔmetɔtrɔ afia?

2 Dɔ Aɖe Si Bia Dɔmetɔtrɔ: Akɔfafa ŋutɔŋutɔ aɖeke meli si anɔ anyi ɖaa ne menye Mawu gbɔe wòtso o. (2 Kor. 1:3, 4) Esi wònye be Yehowa ŋutɔ ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu ta la, exlɔ̃ nu mí be míaƒe “dɔme natrɔ ɖe ame ŋu” eye wòde dɔ asi na mí be míayi amewo gbɔ aɖagblɔ Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia na wo. (1 Pet. 3:8) Míaƒe ŋutete katã wɔwɔ le dɔ sia me koe nye mɔ nyuitɔ kekeake si dzi míato afa akɔ na “ame siwo ƒe dzi gbã,” elabena Mawu Fiaɖuƒea koe nye mɔkpɔkpɔ vavãtɔ ɖeka kolia na ameƒome si le fu kpem la. (Yes. 61:1) Esi Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu ta la, eteƒe madidi o, aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa keŋkeŋ eye wòahe xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ la avae na eƒe amewo.—2 Pet. 3:13.

3. Aleke míate ŋu asrɔ̃ ale si Yesu bu amewoe?

3 Bu Amewo Abe Ale Si Yesu Bu Wo Ene: Ne Yesu le gbeƒã ɖem na ameha gãwo gɔ̃ hã la, mebua wo ŋu abe ƒuƒoƒo ko ene o. Ebua wo abe ame ɖekaɖekawo, siwo dometɔ ɖe sia ɖe hiã na gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu, ene. Wonɔ abe alẽ siwo nu kplɔla aɖeke menɔ be wòafia mɔ wo o ene. Nu si Yesu kpɔ la wɔ dɔ ɖe eƒe dzi dzi eye esia ʋãe wòfia nu wo dzigbɔɖitɔe. (Mar. 6:34) Ne míebua amewo abe ale si Yesu bu wo ene la, aʋã mí míaɖe dɔmetɔtrɔ vavã afia wo dometɔ ɖe sia ɖe. Esia adze le míaƒe mo kpakple gbe si míetsɔ ƒoa nu na wo me. Míatsɔ gbeƒãɖeɖedɔa aɖo nɔƒe gbãtɔ eye míatrɔ asi le míaƒe nyawo ŋu wòasɔ ɖe ame ɖe sia ɖe ƒe hiahiãwo nu.—1 Kor. 9:19-23.

4. Nu ka tae wòle be míado dɔmetɔtrɔ abe awu ene?

4 Ameha gã aɖe si tso dukɔwo katã me la le to ɖom Fiaɖuƒegbedeasia hele dzidzɔ kpɔm ɖe ale si wotsɔ ɖe le eme na wo lɔlɔ̃tɔe la ŋu. Ne míeyi edzi do dɔmetɔtrɔ abe awu ene la, míade bubu Yehowa, dɔmetɔtrɔ ƒe Mawu la ŋu, eye akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu.—Kol. 3:12.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe