INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/12 axa 7
  • Gaku Eve Siwo Ƒe Home Le Sue Ŋutɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gaku Eve Siwo Ƒe Home Le Sue Ŋutɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Agbea Nɔ Le Biblia Ƒe Ɣeyiɣiwo Me—Ga
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Etsɔ Geɖe De Eme Wu Ame Bubuwo Katã
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
  • Ènyaa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Ale Si Wona Amewo Nya Mawu Ƒe Ŋkɔ La
    Nyɔ!—2008
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
km 4/12 axa 7

Gaku Eve Siwo Ƒe Home Le Sue Ŋutɔ

Mɔ vevi aɖe si dzi míetona doa alɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwoe nye nudzɔdzɔ hena alɔdodo xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa. Ke ne ame dahewoe míenye ya ɖe?

Gbe ɖeka la, Yesu kpɔ ahosi dahe aɖe wòtsɔ gaku eve si ƒe home le sue ŋutɔ la de nudzɔɖaka si le gbedoxɔa me la me. Lɔlɔ̃ si le esi na Yehowa lae ʋãe wòtso “eƒe ahedada me tsɔ nu siwo katã le esi, si nu wòanɔ agbe ɖo la” de nudzɔɖaka la me. (Mar. 12:41-44) Esi Yesu he susu yi nu si ahosia dzɔ dzi la, efia be eƒe nudzɔdzɔa xɔ asi le Mawu ŋkume ŋutɔ. Nenema kee ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo bu nudzɔdzɔ hena alɔdodo gbeƒãɖeɖedɔa be enye mɔnukpɔkpɔ gã aɖe ŋutɔ. Kristotɔ kesinɔtɔwo kple ame dahewo siaa dzɔ nu ale si woate ŋui. Apostolo Paulo ƒo nu tso Makedoniatɔwo ƒe kpɔɖeŋua ŋu. Togbɔ be “woda ahe kolikoli hã” la, ‘wotso le wo ɖokui si nɔ kukuɖeɖe dzi vevie, be woana mɔnukpɔkpɔ yewo yewoana nu dɔmenyotɔe.’—2 Kor. 8:1-4.

Eya ta ne ‘gaku eve siwo ƒe home le sue ŋutɔ’ koe míate ŋu adzɔ la, mina míaɖo ŋku edzi be, ne wotsɔ ga suesue geɖewo ƒo ƒu la, ezua ga gbogbo aɖe. Ado dzidzɔ na mía Fofo dɔmenyotɔ si le dziƒo la ŋutɔ ne míena nu tso dzi me faa, elabena “ame si naa nu kple dzidzɔ lae Mawu lɔ̃na.”—2 Kor. 9:7.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe