Dze Aye Le Gbeadzisubɔsubɔdɔa Me
1. Nu ka tae wòle vevie be míadze aye le gbeadzisubɔsubɔdɔa me?
1 ‘Abe alẽwo ene le amegãxiwo dome’ la, Mawu subɔlawo le gbeƒã ɖem le “dzidzime gɔglɔ̃ totro” kpaɖikpaɖi aɖe titina. (Mat. 10:16; Flp. 2:15) Nyadzɔdzɔwo ŋuti nyatakaka dziŋɔwo ɖee fia be zitɔtɔ, nu vlo wɔhawo ƒe ŋutasesẽ, kple ameléle sesẽe tagbɔsesẽtɔe va bɔ ɖe teƒe geɖe; esia ɖo kpe edzi be ame vɔ̃ɖiwo le “vɔ̃ɖivɔ̃ɖim ɖe edzi.” (2 Tim. 3:13) Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose kawo dzi wɔwɔe akpe ɖe mía ŋu ‘míadze aye’ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me?—Mat. 10:16.
2. Nɔnɔme kawoe awɔe be míadzo le anyigbamama aɖe me aɖaɖe gbeƒã le teƒe bubu?
2 Wɔ Nu Nunyatɔe: Lododowo 22:3 te gbe ɖe nu si ta nunya le eme be ‘míaɣla mía ɖokuiwo’ ne míekpɔ afɔku gbɔna la dzi. Minɔ ŋudzɔ! Nuwo ate ŋu atrɔ kpata le nuto aɖe si me ŋɔdzinu aɖeke medzɔna le o la me. Ðewohĩ àte ŋu akpɔe be kpovitɔ geɖewo va ƒo zi ɖe nutoa me alo be amewo te ƒuƒoƒo le ablɔwo dzi. Ɣeaɖewoɣi la, aƒemenɔla dɔmenyotɔ aɖe ana toklã wò. Le esi nànɔ hehem ɖe megbe le ŋkukeke ɖe nu me ta teƒe la, nunya anɔ eme boŋ be nàdzo le teƒea enumake eye nàyi dɔa dzi le afi bubu.—Lod. 17:14; Yoh. 8:59; 1 Tes. 4:11.
3. Aleke nya si le Nyagblɔla 4:9 la ku ɖe míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu?
3 Mizɔ Eveeve: Nyagblɔla 4:9 gblɔ be: “Ne ame le eve la, enyo wu ame ɖeka.” Togbɔ be anya nye numame na wò be wò ɖeka nèyia gbeadzi hã la, ɖe nunya le eme be nàyi edzi awɔe nenema le ŋkeke siawo mea? Kuxi aɖeke mele esia ŋu le nuto aɖewo me o. Gake le nuto bubuwo me la, masɔ be nɔvinyɔnu ɖeka alo sɔhɛ aɖe ɖeɖe dzaa nanɔ gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me o, vevietɔ le ɣeɖoto megbe. Nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia be gbeadziyiyi kple zɔhɛ si nɔa ŋudzɔ le vevie ŋutɔ. (Nyagb. 4:10, 12) Ne ƒuƒoƒo mee miele gbeƒã ɖem le la, minɔ ŋudzɔ ɖe mia nɔewo ŋu. Na wòazu numame na wò be nàna nɔvi susɔeawo nanya ne èle dzodzom le anyigbamamaa me.
4. Aleke míate ŋu awɔ akpɔ hame bliboa ta?
4 Abe ame siwo ‘le míaƒe luʋɔwo ŋu dzɔm’ ene la, agba le hamemetsitsiwo dzi be woana mɔfiafia nyuiwo nɔviawo le ale si nutoa me ƒe nɔnɔmewo le nu. (Heb. 13:17) Kakaɖedzi li be Yehowa ayra mí ne míeɖɔ ŋu ɖo abe Kristotɔwo ene eye míewɔ dɔa le ɖekawɔwɔ blibo me kpli wo. (Mixa 6:8; 1 Kor. 10:12) Neva eme be Mawu subɔlawo katã naɖi ɖase nyui aɖe le míaƒe anyigbamamaa me, ke hã míadze aye ɣesiaɣi.