INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/12 axa 2
  • Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Metsɔ Nye Nyawo Le Nuwò Dem”
    Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
  • “Nyemate Ŋu Azi Ðoɖoe O”
    Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
  • “Nàgblɔ Nya Sia Na Wo”
    Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
  • “Mafa Dzi Na Luʋɔ Siwo Ŋu Nu Te”
    Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
km 5/12 axa 2

Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi

1. Agbalẽ kae woɖe ɖe go le ƒe 2010 ƒe nutome gã takpekpea me, eye aleke míazãe?

1 Aleke gbegbe míekpɔ dzidzɔe nye esi esime woɖe agbalẽ si ƒe tanyae nye ema ɖe go le Ƒe 2010 “Nɔ Yehowa Ŋu Kplikplikpli!” Nutome Gã Takpekpea me! Agbalẽ sia ƒo nu tso nufiame siwo le Yeremiya kple Konyifahawo ƒe agbalẽawo me, siwo míate ŋu azã le míaƒe agbenɔnɔ me gbe sia gbe la, ŋu. (Rom. 15:4) Wotae be míasrɔ̃e le Hame Ƒe Biblia Nusrɔ̃ƒe. Míadze esɔsrɔ̃ gɔme tso kwasiɖa si dze egɔme tso November 5, 2012, dzi la me.

2. Nu ka tae Biblia gbalẽ siwo nye Yeremiya kple Konyifahawo me dzodzro ate ŋu aɖe vi na mí?

2 Viɖe Le Eŋu Egbea: Yeremiya, ame si ŋlɔ Biblia gbalẽ siawo siwo tso gbɔgbɔ me la, gblɔ nya ɖi le ɣeyiɣi si me zitɔtɔ nɔ Yuda la me. Gbã la, ese le eɖokui me be yemedze awɔ dɔ sia o. (Yer. 1:6) Exɔlɔ̃wo kple ɖewohĩ eƒe ƒometɔ siwo tso ededu si nye Anatot me la hã ti eyome. (Yer. 11:21, 22) Eme kɔ be dzi ɖe le Yeremiya ƒo ɣeaɖewoɣi. (Yer. 20:14) Esi míele míaƒe dɔdeasi si nye be “[míawɔ] dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo” la wɔm la, zi geɖe la, míetoa kuxi siwo me Yeremiya to la tɔgbi geɖewo me eye míesena le mía ɖokuiwo me abe eyama ene. (Mat. 28:19) Eƒe nuŋlɔɖia me dzodzro akpe ɖe mía ŋu míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa kakaɖedzitɔe kple dzonɔameme.

3. Aleke míazã Yeremiya gbalẽa ƒe akpa aɖewo?

3 Agbalẽa Ƒe Akpa Siwo Ðe Dzesi: Woŋlɔ mawunyakpukpui vevi siwo wòle be míaxlẽ le nusɔsrɔ̃a me la wòviã be woate ŋu akpɔe bɔbɔe. Wobia nya ɖeka alo eve siwo gɔme sese le bɔbɔe, siwo woŋlɔ kple nuŋɔŋlɔ toto, la le kwasiɖa ɖe sia ɖe ƒe nusɔsrɔ̃a ƒe nuwuwu tsɔ ɖe nusɔsrɔ̃a me nya veviawo ɖe go. Ele be woabia nya siawo nyaselawo atsɔ adzro nusɔsrɔ̃a me. Nɔnɔmetata dzeaniwo le agbalẽa me, eye ɖikeke mele eme o be nɔviwo adi be yewoaƒo nu tso wo ŋu.

4. Nu kae míawɔ be Yeremiya gbalẽa sɔsrɔ̃ naɖe vi na mí bliboe?

4 Be nàkpɔ viɖe bliboe la, dzra nusɔsrɔ̃a ɖo do ŋgɔ. De dzesi nya vevi siwo ŋu dɔ nàte ŋu awɔ le wò agbenɔnɔ me kple le gbeadzi siaa. Kpɔ gome le nyaŋuɖoɖo me bliboe. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, Yeremiya kpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le eƒe dɔdeasia wɔwɔ me. (Yer. 15:16) Neva eme be agbalẽ yeye sia sɔsrɔ̃ nakpe ɖe mía ŋu míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa abe ale si Yeremiya wɔe ene.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe