INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/12 axa 1
  • Kpɔ Wò Dzitsinya Ta

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔ Wò Dzitsinya Ta
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aleke Nàwɔ Alé Dzitsinya Nyui Me Ðe Asi?
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
  • Dzitsinya Nyui Nenɔ Asiwò Le Mawu Ŋkume
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
  • Aleke Mate Ŋu Ana Hehe Nye Dzitsinya?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Èna Hehe Wò Dzitsinya Nyuiea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
km 8/12 axa 1

Kpɔ Wò Dzitsinya Ta

1. Nu kae nye ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ si míawɔ le ƒe 2013 subɔsubɔƒea me ƒe tanya, eye takpekpea ƒe taɖodzinue nye eka?

1 Gbe sia gbe la, nɔnɔme siwo ate ŋu ana míawɔ nu siwo aƒo ɖi míaƒe dzitsinya la dzea ŋgɔ mí. Susu sia tae ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ si míawɔ le ƒe 2013 subɔsubɔƒea me ƒe tanyae nye “Kpɔ Wò Dzitsinya Ta.” (1 Tim. 1:19) Wotrɔ asi le takpekpea ŋu be wòakpe ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu be wòalé ŋku ɖe ale si wòle nunana tɔxɛ sia si mía Wɔla la na mí la zãmee ŋu nyuie.

2. Nyabiase vevi kawo ŋu woaɖo le takpekpea me?

2 Di Nya Vevi Siawo: Woaɖo nyabiase vevi adre siwo gbɔna, siwo ku ɖe dzitsinya ŋu la, ŋu le takpekpea me:

• Nu kawoe ate ŋu agblẽ nu le míaƒe dzitsinya ŋu?

• Aleke míana hehe míaƒe dzitsinyae?

• Aleke míawɔ mía ŋuti nakɔ tso amewo katã ƒe ʋu me?

• Nu kae Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu bubu kple wo tsɔtsɔ de dɔwɔna me ɖena fiana le mía ŋu?

• Aleke míawɔ aƒo asa na abidede amewo ƒe dzitsinya ŋu le nya siwo me wòle be ame ŋutɔ natso nya me le la me?

• Sɔhɛwo, aleke miawɔ anɔ te sesĩe ne woƒoe ɖe mia nu be miawɔ nu gbegblẽ?

• Yayra kawoe ame siwo wɔna ɖe woƒe dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee la ƒe mɔfiame dzi la kpɔna?

3. Alekee ɖoɖowɔɖia ate ŋu aɖe vi na mí?

3 To Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu atsi tre ɖe agbagba siwo katã dzem Satana le be yeagblẽ míaƒe dzitsinya dome la ŋu. Mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la le gbɔgblɔm na mí to Mawu ƒe Nya la kple eƒe habɔbɔa dzi be, “Mɔ la enye si, mito edzi!” (Yes. 30:21) Takpekpe sia nye mɔ siwo dzi tom Yehowa le le mɔfiame nam mí la ƒe ɖeka. Eya ta wɔ ɖoɖo nàkpɔ gome le ɖoɖowɔɖia katã me. Ðo to nyuie, eye nàde ŋugble le ale si wò ŋutɔ nàte ŋu azã nyatakakaawo wòaɖe vi na wòe ŋu. Mia kple wò ƒomea miɖo dze tso takpekpea me nyawo ŋu. Mɔfiame siwo míexɔna la tsɔtsɔ de dɔwɔwɔ me ado ŋusẽ mí be míayi edzi ‘alé dzitsinya nyui me ɖe asi’ eye akpe ɖe mía ŋu be míagaɖe mɔ Satana ƒe xexea ƒe dzidzɔkpɔkpɔ si nu ayi kpuie la nate mí kpɔ ale be míawɔ nu si agblẽ ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome la me o.—1 Pet. 3:16.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe