INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/13 axa 1
  • ‘Ði Ðase Tsitotsito’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Ði Ðase Tsitotsito’
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Míeɖoe Kplikpaa Be Míaɖi Ðase Tsitotsito
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Do Vevie le ‘Ðaseɖiɖi Tsitotsito’ Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Wona Hehe Wo Be Woaɖi Ðase Tsitotsito
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Ðe Gbeƒã eye Nàɖi Ðase Tsitotsito
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
km 1/13 axa 1

‘Ði Ðase Tsitotsito’

1. Kpɔɖeŋu nyui kae apostolo Paulo ɖo ɖi na mí le gbeƒãɖeɖedɔa me?

1 Kakaɖedzi li be apostolo Paulo ƒe dzitsinya mebu fɔe esime wòɖo aɖaŋu na Timoteo be, “Wɔ wò dɔa tsitotsito” o. (2 Tim. 4:5, Byington) Le nyateƒe me la, tso ƒe 47 va se ɖe ƒe 56 M.Ŋ. me la, Paulo wu dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ etɔ̃ nu. Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa gblɔ zi gbɔ zi geɖe be Paulo ‘ɖi ɖase tsitotsito.’ (Dɔw. 23:11; 28:23) Aleke míate ŋu awɔ esia egbeae?

2. Aleke míate ŋu aɖi ɖase tsitotsito ne míele gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me?

2 Tso Aƒe Me Yi Aƒe Me: Be míate ŋu atu aƒemenɔla siwo mese nya nyuia kpɔ o le aƒe me la, ate ŋu ahiã be míayi wo gbɔ le ŋkekea ƒe ɣeyiɣi vovovowo dzi. Aƒea tɔ ate ŋu anɔ aƒe me le ɣetrɔwo me alo kwasiɖanuwuwuwo, eye ahiã be míaɖe gbeƒã ɣemaɣiwo. Ele be míadze agbagba aƒo nu na ame aɖe godoo le aƒe ɖe sia ɖe me, eye míatrɔ anɔ aƒe siwo me míedo go amewo le o la me yim enuenu. Ke ne èdze agbagba ʋuu be yeake ɖe ame aɖe ŋu gake medze edzi o ɖe? Ðewohĩ lɛtaŋɔŋlɔ nɛ alo kaƒoƒo nɛ aɖe vi geɖe.

3. Mɔnukpɔkpɔ kawoe ʋu ɖi na wò be nàwɔ dutoƒo kple vome ɖaseɖiɖidɔa?

3 Dutoƒo Kple Vome Ðaseɖiɖi: Egbea la, Yehowa subɔlawo naa “nunya vavãtɔ” sua ame sia ame si lɔ̃ ɖo to la si. Ɣeaɖewoɣi la, esia yia edzi le ‘kpɔdomeewo’ alo “ablɔwo me.” (Lod. 1:20, 21) Ne míele míaƒe gbe sia gbe dɔwo wɔm la, ɖe míenɔa ŋudzɔ be míaɖi ɖasea? Ðe woate ŋu agblɔ le mía ŋu be míetsɔ ‘nya la gbɔgblɔ ɖo dɔ koŋua’? (Dɔw. 18:5) Ne nenemae la, ekema míele míaƒe dɔdeasi si nye be ‘míaɖi ɖase tsitotsito’ la wɔm.—Dɔw. 10:42; 17:17; 20:20, 21, 24.

4. Aleke gbedodoɖa kple ŋugbledede kpena ɖe mía ŋu míeɖia ɖase tsitotsito?

4 Gake ɣeaɖewoɣi la, míawo ŋutɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo alo ŋukpe wɔnɛ be míehena ɖe megbe le ɖaseɖiɖi ŋu. Kakaɖedzitɔe la, Yehowa nya afi si míaƒe ŋutetewo se ɖo. (Ps. 103:14) Ke hã ne mɔnukpɔkpɔ mawo ʋu ɖi na mí la, míate ŋu ado gbe ɖa nɛ be wòana dzideƒo mí míaƒo nu. (Dɔw. 4:29, 31) Gakpe ɖe eŋu la, ne míele ɖokuisinusɔsrɔ̃ wɔm hele ŋugble dem le Mawu ƒe Nyaa ŋu la, míate ŋu ana míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe asixɔxɔ gã si le nya nyuia ŋu ŋuti la nade to ɖe edzi. (Flp. 3:8) Esia aʋã mí míaɖe gbeƒã nya nyuia kple dzonɔameme!

5. Aleke míate ŋu akpɔ gome le Yoel ƒe nyagblɔɖia me vava me?

5 Nyagblɔɖila Yoel gblɔ ɖi be hafi Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la nava la, Mawu ƒe amewo ‘alé woƒe mɔ atsɔ’ eye womaɖe mɔ naneke naɖe dzi le wo ƒo woadzudzɔ gbeƒãɖeɖe o. (Yoel 2:2, 7-9) Mina míaƒo mía ɖokui ɖe ɖaseɖiɖidɔ sia si womagawɔ akpɔ gbeɖe o la me bliboe!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe