Ne Anyigbamama Le Wò Ŋutɔ Asiwò La, Aɖe Vi Na Wòa?
1. Nu kae nye ame ŋutɔ ƒe anyigbamama?
1 Nu kae nye ame ŋutɔ ƒe anyigbamama? Esia nye hamea ƒe anyigbamama ƒe akpa sue aɖe si wodea asi na gbeƒãɖela aɖe, eye zi geɖe la, wotanɛ ɖe “Anyigbamama Gbalẽvi” (S-12) dzi. Wowɔa ɖoɖo sia ŋu dɔ le hame siwo ƒe anyigbamama lolo la me. Ate ŋu anye teƒe si te ɖe wò aƒe ŋu. Ðoɖo gbalẽa ƒe axa 103 ɖe eme be: “Ne anyigbamama si le teƒe si sɔ nyuie nenema le asiwò la, ana nàte ŋu azã ɣeyiɣi si nàtsɔ ayi gbeadzi la le mɔ nyuitɔ kekeake nu. Azɔ hã àdi be yeakpe gbeƒãɖela bubuwo be woava wɔ dɔ kpli wò le wò anyigbamama la me.”
2. Aleke nàte ŋu aɖe gbeƒã le wò ŋutɔ wò anyigbamama me eye nàganɔ asi kpem ɖe wò gbeadziƒuƒoƒoa hã ŋu?
2 Ekpe Ðe Gbeƒãɖeɖe Kple Gbeadziƒuƒoƒo Ƒe Ðoɖoa Ŋu: Ne èxɔ anyigbamama aɖe si te ɖe wò dɔwɔƒe ŋu la, àte ŋu akpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me le ŋdɔ me ɖiɖiɖemeɣi, alo ɖewohĩ hafi nàyi aƒe me la, mia kple gbeƒãɖela bubu aɖe si hã ƒe dɔwɔƒe te ɖe afi ma ŋu miate ŋu akpɔ gome le eme. Ne èxɔ anyigbamama aɖe si te ɖe wò aƒe ŋu la, mia kple wò ƒomea miate ŋu aɖe gbeƒã le fiẽsiwo me le eme. Ne edzɔ be miede kpekpe hena gbedziyiyi o la, esɔ be miado gbe ɖa abia Yehowa ƒe mɔfiafia hafi adze gbeƒãɖeɖe gɔme. (Flp. 4:6) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ele be nàda asɔ le ɣeyiɣi si nàzã ɖe wò ŋutɔ wò anyigbamama ŋu kple esi nàzã atsɔ akpe asi ɖe ɖoɖo siwo hamea wɔ be míawɔ dɔ kple gbeadziƒuƒoƒoa la me. Vevietɔ le kwasiɖanuwuwuwo, siwo nye ɣeyiɣi siwo me ame geɖe dea kpekpe hena gbeadziyiyi la, anyo ŋutɔ be nàkpe asi ɖe miaƒe gbedziƒuƒoƒoa ŋu.
3. Ne anyigbamama le wò ŋutɔ asiwò la, aleke wòɖea vii?
3 Viɖeawo: Ne anyigbamama le wò ŋutɔ asiwò la, efia be teƒe aɖe li si nàɖe gbeƒã le ɣesiaɣi si wòanya wɔ. Àte ŋu azã ɣeyiɣi geɖe wu atsɔ aɖe gbeƒã eye màzɔ azɔli fũu o. Ðoɖo nyui sia kpe ɖe ame aɖewo ŋu wowɔ kpekpeɖeŋu alo gbesiagbe mɔɖeɖedɔa. Esi wònye be aƒemenɔla siwo ɖe ɖetsɔleme fia la le nuto ɖeka me ta la, ele bɔbɔe be nàwɔ tɔtrɔyiwo ahawɔ Biblia nusɔsrɔ̃wo. Ame geɖe kpɔe be gbeƒãɖeɖe le yewo ŋutɔ yewoƒe anyigbamama me kpena ɖe yewo ŋu yewonyaa aƒemenɔlawo nyuie wu eye woawo hã va kpɔa mɔ na yewo, vevietɔ ne yewote ŋu kpe anyigbamamaa ɖo wu zi ɖeka hafi gbugbɔe na be ame bubuwo hã naxɔe awɔ dɔ le eme. Ne anyigbamama le wò ŋutɔ asiwò si me mia kple wò ƒomea mieɖea gbeƒã le la, ɖe wòakpe ɖe wò ŋutɔ kple wò ƒomea ŋu miawɔ subɔsubɔdɔa ade goe bliboe wua?—2 Tim. 4:5.