INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/13 axa 1
  • Mitsɔ Nyagblɔɖilawo Abe Kpɔɖeŋu Ene—Yona

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mitsɔ Nyagblɔɖilawo Abe Kpɔɖeŋu Ene—Yona
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Esrɔ̃ Nu Tso Eƒe Vodadawo Me
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • Esrɔ̃ Nu Tso Eƒe Vodadawo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Yona Srɔ̃ Nu tso Yehowa Ƒe Nublanuikpɔkpɔ ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Esrɔ̃ Nublanuikpɔkpɔ
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
km 4/13 axa 1

Mitsɔ Nyagblɔɖilawo Abe Kpɔɖeŋu Ene—Yona

1. Nɔnɔme nyui kawoe le Yona si?

1 Nu kae vaa susu me na wò ne woyɔ nyagblɔɖila Yona ŋkɔ? Ame aɖewo bunɛ be enye vɔvɔ̃nɔtɔ alo dzimesesẽtɔ. Gake edze ƒãa be eɖe ɖokuibɔbɔ, dzinɔameƒo kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ fia. Aleke míate ŋu atsɔ Yona ƒe nɔnɔme nyui siawo “abe kpɔɖeŋu ene”?—Yak. 5:10.

2. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yona ƒe ɖokuibɔbɔ?

2 Ðokuibɔbɔ: Gbã la, Yona meyi du si me woɖoe ɖo o, esi yi teƒe bubu sãa. Ema mewɔ nuku o, elabena wonya Asiriatɔwo nyuie be wonye ŋutasẽla vɔ̃ɖiwo ale gbegbe be, woyɔ Niniwe be “hlɔ̃dodu.” (Nah. 3:1-3) Ke hã Yehowa ɖɔ Yona ɖo, eye ebɔbɔ eɖokui xɔ ɖɔɖɔɖoa; eya ta esi wona mɔnukpɔkpɔe zi evelia la, ewɔ eŋu dɔ. (Lod. 24:32; Yona 3:1-3) Togbɔ be enɔ hehem ɖe megbe gbã hã la, fifia elɔ̃ faa wɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. (Mat. 21:28-31) Ðe míawo hã míelɔ̃na faa be míayi edzi agblɔ nya nyuia nenye be woɖɔ mí ɖo alo ne dɔwɔwɔ le míaƒe anyigbamamaa me sesẽ gɔ̃ hã?

3. Subɔsubɔdɔa ƒe akpa kae bia dzinɔameƒo kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ?

3 Dzinɔameƒo Kple Ðokuitsɔtsɔsavɔ: Esi nyametsotso gbegblẽ si Yona wɔ na ƒudzidelawo ƒe agbe ɖo afɔku me la, elɔ̃ be yeatsɔ yeƒe agbe asa vɔe ɖe wo ta. (Yona 1:3, 4, 12) Emegbe esi wònɔ eƒe dɔdeasia wɔm le Niniwe la, etsa le dugã la ƒe teƒeteƒewo, ɖewohĩ enɔ teƒe si sɔ si wòagblɔ Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedeasia le la dim. Mawu ƒe nyagblɔɖila si ƒo dzi le koe ate ŋu awɔ nenem nu mawo! (Yona 3:3, 4) Ke mí ame siwo li egbea hã ɖe? Míehiã dzideƒo si Mawu nana be míate ŋu aɖe gbeƒã kalẽtɔe ne wotsi tre ɖe mía ŋu gɔ̃ hã. (Dɔw. 4:29, 31) Hafi míate ŋu azã míaƒe ɣeyiɣi kple nunɔamesiwo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu la, ebia ɖokuitsɔtsɔsavɔ.—Dɔw. 20:24.

4. Nu ka tae wòle be míadi ɣeyiɣi ade ŋugble le kpɔɖeŋu nyui siwo Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo ɖo ɖi la ŋu?

4 Ɣesiaɣi si nèxlẽ nu tso Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖe ŋu la, aɖe vi na wò ne ètsɔ ɖokuiwò ɖo eteƒe hebia ɖokuiwò be: ‘Anye ne aleke mawɔ nui? Aleke mate ŋu asrɔ̃ eƒe nɔnɔme nyuiwo ahaɖee afia le nye agbe me?’ (Heb. 6:11, 12) Nyati bubuwo adze le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ siwo gbɔna me, siwo adzro nu vevi siwo míate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa ƒe nyagblɔɖila wɔnuteƒe bubuwo gbɔ la me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe