Nu Kae Ʋãa Mí Míeɖea Gbeƒã?
1. Lɔlɔ̃ na ame kawoe ʋãa mí míeɖea gbeƒã?
1 Gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia ye nye dɔ nyuitɔ kekeake si míate ŋu awɔ egbea. Le nyateƒe me la, dɔ sia wɔwɔ ɖenɛ fiana be míele se vevitɔ eveawo dzi wɔm—be míalɔ̃ Yehowa eye míalɔ̃ mía haviwo. (Marko 12:29-31) Lɔlɔ̃ nye ameʋãŋusẽ nyui aɖe si ana míazu gbeƒãɖela dovevienuwo.—1 Yoh. 5:3.
2. Aleke míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖenɛ fiana be míelɔ̃ Yehowa?
2 Lɔlɔ̃ Na Yehowa: Lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa, mía Xɔlɔ̃ vevitɔ kekeake, ye ʋãa mí be míaʋli eta. Satana le eŋu gblẽm anɔ ƒe 6,000 ye nye esia. (2 Kor. 4:3, 4) Ena amewo xɔe se be Mawu wɔa fu nu vɔ̃ wɔlawo le dzo mavɔ me, be enye Mawuɖekaetɔ̃ si gɔme womate ŋu ase o, eye be metsɔa ɖeke le eme na amegbetɔwo o. Ame geɖe ƒo nya ta gɔ̃ hã be Mawu meli o. Aleke gbegbe míedi vevie be amewo nanya nyateƒea tso mía Fofo si le dziƒo ŋue nye esi! Ale si míedoa vevie nu be míanye ɖasefowo na Mawu la doa dzidzɔ nɛ geɖe gake wòhekua dzi na Satana ya vevie.—Lod. 27:11; Heb. 13:15, 16.
3. Aleke míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖenɛ fiana be míelɔ̃ mía haviwo?
3 Lɔlɔ̃ Na Mía Haviwo: Ɣesiaɣi si míeɖi ɖase na ame aɖe la, míeɖenɛ fiana be míelɔ̃e. Ehiã vevie be amewo nase nya nyuia le ɣeyiɣi sesẽ siawo me. Wo dometɔ geɖe le abe Yona ƒe ŋkekea me Niniwetɔwo ene; “womenya woƒe ɖusi tso mia gbɔ o.” (Yona 4:11) Míetoa míaƒe subɔsubɔdɔa dzi fiaa amewo ale si woanɔ agbe si me dzidzɔ kple dzidzeme le. (Yes. 48:17-19) Enaa mɔkpɔkpɔ sua wo si. (Rom. 15:4) Ne woɖo to hewɔ nu si wosrɔ̃ dzi la, ‘woakpɔ ɖeɖe.’—Rom. 10:13, 14.
4. Nu kae Yehowa maŋlɔ be gbeɖe o?
4 Menye ɣeyiɣi aɖewo dzi koe vi nyuiwo ɖenɛ fiana be yewolɔ̃ yewo dzilawo o. Wodzea agbagba be yewoaɖe lɔlɔ̃ afia yewo dzilawo ɣeawokatãɣi. Nenema kee lɔlɔ̃ deto si le mía si na Mawu kple mía haviwo aʋã mí be menye ɣeyiɣi si míele gbeadzi ɖeɖe koe míaɖi ɖase na amewo o, ke boŋ míawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ aɖi ɖase na wo. Míaɖe gbeƒã madzudzɔmadzudzɔe. (Dɔw. 5:42) Yehowa maŋlɔ lɔlɔ̃ si míeɖe fia be gbeɖe o.—Heb. 6:10.