Mitsɔ Nyagblɔɖilawo Abe Kpɔɖeŋu Ene—Yoel
1. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yoel ƒe ɖokuibɔbɔ ne míele gbeƒã ɖem?
1 Ame kae nyagblɔɖila Yoel nye? Nya si ko wògblɔ tso eɖokui ŋue nye be, yenye “Petuel vi.” (Yoel 1:1) Yehowa ƒe gbedeasia koŋ dzie nyagblɔɖila bɔbɔɖokui sia he susu yi, ke menye eƒe ɖoƒea dzie o. Nenema kee le míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la, le esi míadi kafukafu kple ŋkɔxɔxɔ na mía ɖokui teƒe la, míehea amewo ƒe susu yia Yehowa kple Biblia dzi. (1 Kor. 9:16; 2 Kor. 3:5) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, gbedeasi si míeɖea gbeƒãe la doa ŋusẽ mí. Yoel ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa kawoe ate ŋu ana mɔkpɔkpɔ mí egbea ahade dzo mía me geɖe wu?
2. Nu kae ŋugbledede le ale si gbegbe nuwuwua gogoe ŋu aʋã mí míawɔ?
2 “Yehowa Ƒe Ŋkeke La Tu Aƒe.” (Yoel 1:15): Togbɔ be woŋlɔ nya siawo ƒe akpe geɖewoe nye esia hã la, míele agbe le ɣeyiɣi si me wole eme vam le mɔ si lolo wu nu me. Ale si xexea ƒe nɔnɔmewo le gbegblẽm ɖe edzi, ame siwo le míaƒe anyigbamamawo me ƒe ɖekematsɔleme kple fewuɖuɖu nye kpeɖodzi si me kɔ ƒãa be míele nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me. (2 Tim. 3:1-5; 2 Pet. 3:3, 4) Ne míedea ŋugble le ale si gbegbe nuwuwua gogoe ŋu la, míatsɔ subɔsubɔdɔa aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me godoo.—2 Pet. 3:11, 12.
3. Nu ka tae gbeƒãɖeɖedɔa le vevie ŋutɔ esi xaxa gã la le aƒe tum?
3 “Yehowa Enye Sitsoƒe Na Eƒe Dukɔ.” (Yoel 3:16): Ʋɔnu si Yehowa adrɔ̃ le xaxa gã la me ŋu koe dziƒo kple anyigba ƒe ʋuʋu si ŋu woƒo nu tsoe le kpukpui sia me anya ku ɖo. Efaa akɔ na mí ŋutɔ be míanyae be Yehowa aɖe esubɔla wɔnuteƒewo ɣemaɣi. (Nyaɖ. 7:9, 14) Ne míele gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me eye míele ale si Yehowa léa mí ɖe te hedoa ŋusẽ mí teƒe kpɔm la, míetua xɔse kple dzidodo siwo akpe ɖe mía ŋu le xaxa gã si gbɔna me la ɖo.
4. Nu ka tae míate ŋu atsɔ dzidzɔ kple kakaɖedzi anɔ mɔ kpɔm na nu siwo adzɔ le etsɔme?
4 Togbɔ be ame aɖewo gblɔna be Yoel ƒe nyagblɔɖia nye tsɔtsrɔ̃gbedeasi hã la, ɖeɖekpɔkpɔ ŋu nya si naa mɔkpɔkpɔ wɔnuku Mawu ƒe amewoe wònye. (Yoel 3:5) Ekema mina míatsɔ kakaɖedzi anɔ mɔ kpɔm na nu siwo adzɔ le etsɔme, eye míaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia dzonɔamemetɔe ahawɔ ɖe Yoel 2:23 me nyawo dzi, afi si gblɔ be: “Mitso aseye, ne miakpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa, mia Mawu la ŋu.”