INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/13 axa 1
  • Mitsɔ Nyagblɔɖilawo Abe Kpɔɖeŋu Ene—Hosea

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mitsɔ Nyagblɔɖilawo Abe Kpɔɖeŋu Ene—Hosea
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Hosea Ƒe Nyagblɔɖia Kpena Ðe Mía Ŋu Míezɔna Kple Mawu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Nya Vevi Siwo Tso Hosea Ƒe Agbalẽa Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Zɔ Kple Mawu, Eye Nàŋe Nusi Nyo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • “Yehowa Ƒe Mɔwo Dzɔ”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
km 11/13 axa 1

Mitsɔ Nyagblɔɖilawo Abe Kpɔɖeŋu Ene​—Hosea

1. Nya kae ànya bia ɖokuiwò kpɔ?

1 ‘Nu kawoe malɔ̃ faa atsɔ asa vɔe na Yehowa?’ Ðewohĩ èbia nya ma ɖokuiwò kpɔ esi nènɔ ŋugble dem le Yehowa ƒe dɔmenyo kple nublanuikpɔkpɔ gã la ŋu. (Ps. 103:2-4; 116:12) Hosea lɔ̃ faa wɔ nu si ƒe se Yehowa de se nɛ, togbɔ be ebia be wòatsɔ nu geɖe asa vɔe gɔ̃ hã. Aleke míasrɔ̃ Hosea ƒe kpɔɖeŋua?

2. Aleke míate ŋu asrɔ̃ kpɔɖeŋu nyui si Hosea ɖo le gbeƒãɖeɖe kutrikukutɔe me?

2 Ðe Gbeƒã Le Nɔnɔme Madeamedziwo Me: Israel ƒe to-ewo-fiaɖuƒe si me tɔ geɖewo dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ la koŋ ye Hosea ƒe gbedeasia yi na. Fia Yeroboam II wɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume eye wòdo nyivisubɔsubɔ si gɔme Yeroboam I dze la ɖe ŋgɔ. (2 Fia. 14:23, 24) Fia siwo katã kplɔe ɖo la yi edzi alea va se ɖe esime wotsrɔ̃ to-ewo-fiaɖuƒea mlɔeba le ƒe 740 D.M.Ŋ. me. Togbɔ be alakpasubɔsubɔ xɔ aƒe ɖi alea hã la, Hosea subɔ abe nyagblɔɖila ene nuteƒewɔwɔtɔe ƒe 59 ya teti. Abe Hosea ene la, ɖe míeɖoe kplikpaa be míayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi madzudzɔmadzudzɔe, nenye be amewo gbe toɖoɖo alo wotsi tre ɖe mía ŋu gɔ̃ hã?​—2 Tim. 4:2.

3. Aleke Hosea ƒe agbemenudzɔdzɔwo ɖe Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ fia?

3 Wò Susu Nenɔ Yehowa Ƒe Nublanuikpɔkpɔ Ŋu: Yehowa gblɔ na Hosea be wòaɖe “gbolo.” (Hos. 1:2) Togbɔ be srɔ̃a Gomer dzi ŋutsuvi nɛ hã la, anɔ eme be eyi ɖadzi vi eve na ŋutsu bubu. Ale si Hosea lɔ̃ faa tsɔ ke srɔ̃a nye kpɔɖeŋu na nublanuikpɔkpɔ gã si Yehowa ɖe fia Israel-dukɔ sẽto la esime wotrɔ dzi me. (Hos. 3:1; Rom. 9:22-26) Ðe míalɔ̃ atsɔ nu siwo doa dzidzɔ na mí la asa vɔe ale be míana ame ƒomeviwo katã nanya nu tso Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ ŋua?​—1 Kor. 9:19-23.

4. Nu kawoe míate ŋu atsɔ asa vɔe na Yehowa?

4 Yehowa subɔla aɖewo tsɔ dɔ siwo me wokpɔa ga geɖe le sa vɔe ale be woate ŋu akpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe subɔsubɔdɔa ŋu. Bubuwo tiae be yewoanɔ tre alo yewomadzi vi o be yewoati Fiaɖuƒea ƒe nuwo yome. Ne míede ŋugble tso Hosea ƒe agbe me nudzɔdzɔwo ŋu la, ɖewohĩ míagblɔ na mía ɖokui be, ‘Nyemate ŋu awɔ nu si wòwɔa gbeɖe o.’ Ke hã ne míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe amenuveve ŋu le dzidzim ɖe edzi eye míeɖoa ŋu ɖe eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu be wòado ŋusẽ mí la, azã mí le mɔ siwo nu míebu kpɔ gbeɖe o nu, abe ale si wònɔ le Hosea gome ene.​—Mat. 19:26; Flp. 2:13.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe