INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/14 axa 1
  • Mitsɔ Nyagblɔɖilawo Abe Kpɔɖeŋu Ene—Mixa

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mitsɔ Nyagblɔɖilawo Abe Kpɔɖeŋu Ene—Mixa
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Míazɔ Le Yehowa Ƒe Ŋkɔ Me Ðaa Tegbee!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Mɔkpɔkpɔ Vavãtɔ Le Yehowa Subɔlawo si
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Nuka Dim Yehowa Le Tso Mía si?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Nu Kae Ana Míayi Edzi ‘Anɔ Mawu Sinu Kpɔm’?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
km 1/14 axa 1

Mitsɔ Nyagblɔɖilawo Abe Kpɔɖeŋu Ene​—Mixa

1. Biabia ka ŋue Mixa anya nɔ ŋugble dem le, gake nu ka tae eƒe gbeƒãɖeɖea mezu dzodzro o?

1 ‘Ɣekaɣi koŋ nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia awu enu?’ Nyagblɔɖila Mixa anya nɔ ŋugble dem le biabia siawo tɔgbi ŋu esi wònɔ gbeƒã ɖem Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si gbɔna Israel kple Yuda fiaɖuƒeawo dzi. Mixa ƒe gbeƒãɖeɖea mezu dzodzro o. Elabe nya si Yehowa gblɔ ɖe Samaria ŋu va eme le ƒe 740 D.M.Ŋ. me, le Mixa ƒe agbenɔɣi. (Mixa 1:6, 7) Emegbe wotsrɔ̃ Yerusalem hã le ƒe 607 D.M.Ŋ. me. (Mixa 3:12) Aleke míasrɔ̃ Mixa ƒe kpɔɖeŋu esi míele tsɔtsrɔ̃ si Yehowa ahe va fifi nuɖoanyi sia dzi la lalam?

2. Aleke míagbɔ dzi ɖi esi míele Yehowa ƒe ŋkekea lalam, eye nu ka tae?

2 Gbɔ Dzi Ði: Mixa gblɔ be: “Ke nye la matsa ŋu na Yehowa, eye makpɔ Mawu, nye xɔnametɔ sinu.” (Mixa 7:7) Ke hã, Mixa mebɔbɔ nɔ anyi de asi asitɛ me nɔ nuwuwua lalam o. Eyi edzi wɔ dɔ veviedodotɔe abe Yehowa ƒe nyagblɔɖila ene. Esi míele Yehowa ƒe ŋkekea lalam la, ele be míawo hã míado vevie nu le ‘agbenɔnɔ kɔkɔe kple dɔwɔna siwo me ɖokuitsɔtsɔ na Mawu dzena le’ la me. (2 Pet. 3:11, 12) Yehowa ƒe dzigbɔɖi ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na amewo be woatrɔ dzi me. (2 Pet. 3:9) Eya ta ele be míawɔ ɖe aɖaŋu si Biblia ɖo be míasrɔ̃ nyagblɔɖilawo ƒe kpɔɖeŋu la dzi ahagbɔ dzi ɖi.​—Yak. 5:10.

3. Nu ka tae wòle be míado gbe ɖa na Yehowa abia eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea?

3 Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ƒe Ŋusẽ Ŋu: Togbɔ be Mixa do go kuxiwo le eƒe dɔdeasia wɔwɔ me hã la, eɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe ŋusẽ ŋu, si wɔe be wòwɔ eƒe dɔdeasia de goe. (Mixa 3:8) Eya ta menye dzodzroe Mawu ƒe Nya la de dzi ƒo na mí be míaɖo ŋu ɖe ŋusẽ si Mawu nana ŋu o. Enaa ŋusẽ ame siwo gbɔdzɔ la dɔmenyotɔe ale be woate ŋu atsɔ woƒe teokrasigbanɔamedziwo. (Ps. 84:6, 8; Yes. 40:28-31) Ðe esia va eme na wò le wò subɔsubɔdɔa me kpɔa? Ðe nèdoa gbe ɖa na Yehowa hebiaa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe triakɔ la ƒe kpekpeɖeŋua?​—Luka 11:13.

4. Kpɔɖeŋu nyui kae Mixa ɖo ɖi na mí egbea?

4 Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe nɔ vevie wu na Mixa le eƒe agbemeŋkekeawo katã me. Eɖoe kplikpaa yi edzi wɔ nuteƒe togbɔ be enɔ agbe ƒaƒã nɔlawo dome hã. Nenema kee wodoa míaƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ gbe sia gbe. Eya ta mina míaɖoe kplikpaa be “míazɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe ŋkɔ me ɖaa tegbee.”​—Mixa 4:5.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe