Mitsɔ Nyagblɔɖilawo Abe Kpɔɖeŋu Ene—Zefaniya
1. Aleke nɔnɔmeawo nɔ esime Zefaniya nɔ eƒe nyagblɔɖidɔa wɔm, eye nu nyui kae míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me?
1 Le ƒe alafa adrelia D.M.Ŋ. ƒe domedomee la, Baal subɔsubɔ xɔ aƒe ɖe Yuda. Ðeko wowu Fia Amon vɔ̃ɖi la eteƒe medidi o koe nye ema eye Fia Yosiya sue la le zia dzi. (2 Kron. 33:21–34:1) Ɣemaɣie Yehowa dɔ Zefaniya be wòagblɔ yeƒe ʋɔnudrɔ̃gbedasia. Togbɔ be Yuda fiaƒomea mee Zefaniya anya tso hã la, metɔ tsi Yehowa ƒe fɔbuamegbedeasi si wògblɔ na Yuda-megãwo o. (Zef. 1:1; 3:1-4) Nenema kee míedzea agbagba be míasrɔ̃ Zefaniya ƒe dzinɔameƒo eye míeɖea mɔ ƒomekadodowo kpɔa ŋusẽ gbegblẽ ɖe míaƒe Yehowa subɔsubɔ dzi o. (Mat. 10:34-37) Gbedeasi kae Zefaniya ɖe gbeƒãe, eye nu kawoe do tso eme?
2. Nu kae wòle be míawɔ be woatsɔ mí aɣla le Yehowa ƒe dzikudogbea?
2 Di Yehowa: Yehowa koe ate ŋu aɖe amewo le eƒe dzikudogbea. Eya ta Zefaniya xlɔ̃ nu Yudatɔwo be woadi Yehowa, adi dzɔdzɔenyenye, eye woadi ɖokuibɔbɔ yome mɔ esi ɣeyiɣi kpɔtɔ li na ewɔwɔ. (Zef. 2:2, 3) Nenema kee wòle egbea hã. Abe Zefaniya ene la, míedea dzi ƒo na amewo be woadi Yehowa, gake ele be míawo hã míawɔ nenema ke, aɖoe kplikpaa be ‘míatrɔ le Yehowa yome’ gbeɖe o. (Zef. 1:6) Ke boŋ míedia Yehowa to eƒe Nya la sɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe kple gbedodoɖa abia eƒe mɔfiame dzi. Míedia dzɔdzɔenyenye ne míenɔa agbe dzadzɛ. Míedia ɖokuibɔbɔ yome mɔ ne míedoa mía ɖokui ɖe dzi o, eye míelɔ̃na faa wɔna ɖe mɔfiame siwo tso Yehowa ƒe habɔbɔa gbɔ la dzi.
3. Nu ka tae wòle be míado vevie nu le gbeadzisubɔsubɔdɔa me?
3 Nu Nyui Siwo Do Tso Eme: Zefaniya ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedasia wɔ dɔ ɖe Yudatɔ aɖewo dzi, gake anɔ eme be ame si gome wòɖe dzesi le wue nye ŋutsuvi dzaa Yosia. Edze Yehowa didi gɔme esi wòkpɔtɔ nye ɖevi. Emegbe Yosia ho aʋa ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋu ŋkubiãtɔe. (2 Kron. 34:2-5) Egbea, togbɔ be Fiaɖuƒea ƒe ku aɖewo dzea mɔ to, kpenyigba dzi, alo ŋùwo me hã la, wo dometɔ aɖewo hã dzea anyigba nyui dzi hetsea ku geɖe. (Mat. 13:18-23) Míeka ɖe edzi be Yehowa ayi edzi ayra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi esi míeyi edzi le geɖe wɔm le Fiaɖuƒea ƒe nukuwo wuwu me.—Ps. 126:6.
4. Nu ka tae wòle be míayi edzi anɔ ‘Yehowa sinu kpɔm’?
4 Yudatɔ aɖewo susui be Yehowa mele afɔ aɖeke ɖe ge o. Ke hã Yehowa ka ɖe edzi na eƒe amewo be yeƒe ŋkeke gã la tu aƒe. (Zef. 1:12, 14) Ame siwo sii tso la koe akpɔ ɖeɖe. (Zef. 3:12, 17) Esi ‘míele Yehowa sinu kpɔm’ la, neva eme be mía kple mía nɔvi siwo hã nye mía Mawu gã la subɔlawo míawɔ ɖeka asubɔe kple dzidzɔ!—Zef. 3:8, 9.