Mitsɔ Nyagblɔɖilawo Abe Kpɔɖeŋu Ene—Nahum
1. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Nahum ƒe agbalẽa me?
1 Blema Niniwe dugã si zu aƒedo la ɖoa kpe edzi be abe ale si Nahum gblɔe ɖi ene la, Yehowa biaa hlɔ̃ eƒe futɔwo, eye tsitretsiɖeŋula siwo sẽ ŋu la gɔ̃ hã metea ŋu nɔa te ɖe enu o. (Nah. 1:2, 6) Ne míedzro Nahum ƒe nyagblɔɖia me nyuie la, míakpɔ nufiame siwo ŋu dɔ míate ŋu awɔ le míaƒe subɔsubɔdɔa me.
2. Aleke míate ŋu ana míaƒe gbedeasia nade dzi ƒo na amewo?
2 Na Akɔfafa Kple Mɔkpɔkpɔ Amewo: Ate ŋu awɔ na ame aɖewo be Niniwe, si nye blema Asiriatɔwo ƒe dugã xɔŋkɔ la ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋuti gbedeasiwo sɔŋ koe le Nahum ƒe agbalẽa me. (Nah. 1:1; 3:7) Ke hã eƒe gbedeasia nye dzidzɔnya na Yehowa ƒe amewo. Nahum, si ƒe ŋkɔ gɔmee nye “Akɔfala” la ka ɖe edzi na nɔvia Yudatɔwo be eteƒe madidi o, woƒe futɔ la maganɔ anyi o! Gawu la, Nahum ka ɖe edzi na wo be Yehowa ye nye “sitsoƒe le xaxagbe.” (Nah. 1:7) To míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi la, míawo hã míegblɔa nya nyui na amewo eye míedea dzi ƒo na wo be woasi Yehowa tso.—Nah. 2:1.
3. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Nahum le kpɔɖeŋuwo ŋu dɔ wɔwɔ gome?
3 Wɔ Kpɔɖeŋuwo Ŋu Dɔ: Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã Nahum wòtsɔ tsɔtsrɔ̃ si gbɔna Niniwe dzi la sɔ kple ale si wònɔ le Egipte dugã Tebes (No-Amon), si Asiriatɔwo tsrɔ̃ va yi la gome. (Nah. 3:8-10) Ne míele nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu ŋu nya gblɔm na amewo la, míate ŋu ahe susu ayi Biblia me nyagblɔɖi siwo ɖoa kpe edzi be Yehowa nana eƒe nyawo vaa eme pɛpɛpɛ la dzi. Le kpɔɖeŋu me, esi Babilontɔwo kple Mediatɔwo ho aʋa ɖe Niniwe ŋu le ƒe 632 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me la, tsi gã aɖe dza si wɔe be Tigris-tɔsisia ɖɔ gbagba, hena dugã la ƒe gli kɔkɔ nyadri la ƒe akpa aɖe mu. Esia wɔe be woɖu Niniwe dzi bɔbɔe, abe ale si Yehowa gblɔe ɖi ene.—Nah. 1:8; 2:7.
4. Le gbeƒãɖeɖedɔa me la, aleke míate ŋu ana míaƒe nyawo me nakɔ eye wo gɔme nanya se?
4 Wò Nyawo Me Nekɔ Eye Wo Gɔme Nanya Se: Nahum ɖɔa nuwo nyuie, si wɔnɛ be ame tea ŋu kpɔa nyawo pɛpɛpɛ le susu me. Eƒe nyawo me kɔ. (Nah. 1:14; 3:1) Míawo hã míedina be míazã nya siwo gɔme amewo ase bɔbɔe. (1 Kor. 14:9) Ne èyi ame aɖe gbɔ zi gbãtɔ la, ɖe susu si tae nèva ɖo la me eme nakɔ nyuie. Ne èle Biblia srɔ̃m kple amewo la, kpe ɖe wo ŋu woaxɔ Yehowa kple eƒe Nya la dzi ase ahana woakpɔ ale si nyaa ka woawo ŋutɔwo.—Rom. 10:14.
5. Kakaɖedzinya kae le Nahum ƒe nyagblɔɖia me na mí?
5 Ale si Nahum ka ɖe edzi be Yehowa ƒe nyawo mado kpo emevava gbeɖe o la dze ƒãa le Biblia gbalẽ si ŋu woyɔ eƒe ŋkɔ tɔ ɖo la me. Esi Satana ƒe nuɖoanyia ƒe nuwuwu le aƒe tum la, nya si Mawu gblɔ be: “Xaxa mado ta ɖa zi evelia o” la faa akɔ na mí.—Nah. 1:9.