Nu Siwo Dzi Míexɔ Se Ku Ðe Ƒe 1914 Ŋu Me Ðeɖe
Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na mí be ‘míanɔ dzadzraɖoɖi ɣesiaɣi be míaʋli’ míaƒe dzixɔsewo ta le ‘tufafa kple bubu deto’ me. (1 Pet. 3:15) Gake ɣeaɖewoɣi la, menɔa bɔbɔe be míaɖe Biblia me nyateƒe goglowo me o. Esia ƒe kpɔɖeŋue nye ale si míewɔ nya be Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme le ƒe 1914 me. Be esia nanɔ bɔbɔe na mí la, wota nyati si le akpa eve me, si ƒe tanyae nye “Dzeɖoɖo Kple Aƒelika—Ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea Dze Dziɖuɖu Gɔme?” Nyati siawo dze le Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo ŋu dɔ míawɔ le subɔsubɔdɔa me le October kple November me la me. Ne èle nyati siawo me dzrom la, de ŋugble le biabia siawo siwo ku ɖe mɔnu si ŋu dɔ Cameron, si nye gbeƒãɖelaa le dzeɖoɖoa me wɔ la ŋu.
Aleke Senyo . . .
kafu aƒemenɔlaa ale be eƒe susu nadze akɔ anyi ɖe nyaa sese ŋu?—Dɔw. 17:22.
ɖe ɖokuibɔbɔ fia esime wònɔ eƒe dzixɔsewo me ɖem?—Dɔw. 14:15.
Nu ka tae wònyo be Senyo . . .
gahea susu yia nya si wògblɔ va yi dzi kpuie hafi gblɔa nya bubuwo kpenɛ?
biana aƒemenɔlaa enuenu nenye be ese nya siwo me yeɖe va yi la gɔme?
medze agbagba be yeadzro nu geɖe akpa me kplii le anyinɔnɔ ɖeka me o?—Yoh. 16:12.
Aleke gbegbe míedaa akpe na míaƒe ‘Nufiala Gãtɔ,’ Yehowa, be wòfiaa mí ale si míaɖe Biblia me nyateƒe goglowo me na ame siwo nyateƒea ƒe dɔ le wuwum ye nye esi!—Yes. 30:20.