INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/14 axa 2-3
  • Ale Si Míawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Tsea Ku

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Míawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Tsea Ku
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpe Ðe Wò Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woava Xɔ Nyɔnyrɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Ale Si Míakpe Ðe Biblia-nusrɔ̃viwo Ŋu Woayi Ŋgɔ Ava Xɔ Nyɔnyrɔ—Akpa Evelia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • Lé Ŋku Ðe Wò “Nufiafiaɖaŋu” Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Ale Si Míakpe Ðe Biblia-nusrɔ̃viwo Ŋu Woayi Ŋgɔ Ava Xɔ Nyɔnyrɔ—Akpa Gbãtɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
km 12/14 axa 2-3

Ale Si Míawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Tsea Ku

1. Agbanɔamedzi kae dze ŋgɔ gbeƒãɖelawo?

1 Ame aɖeke mate ŋu asubɔ Mawu ne menye Yehowae “hee vae” o. (Yoh. 6:44) Togbɔ be ele alea hã la, ele be gbeƒãɖela siwo wɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ la nawɔ wo tɔ si nu akpe ɖe amewo ŋu woate ɖe wo Fofo si le dziƒo la ŋu. (Yak. 4:8) Esia bia be míadzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu. Memamawo xexlẽ kple nyabiaseawo biabia ɖeɖe mate ŋu akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòase nyateƒea gɔme ahayi ŋgɔ o.

2. Nu kawoe afia be Biblia-nusɔsrɔ̃ aɖe tse ku?

2 Be Biblia-nusɔsrɔ̃ natse ku la, ele be gbeƒãɖelawo nakpe ɖe woƒe nusrɔ̃viwo ŋu be (1) woase Biblia ƒe nufiafiawo gɔme, (2) woalɔ̃ ɖe Biblia ƒe nufiafiawo dzi, eye (3) woanɔ agbe ɖe Biblia ƒe nufiafiawo nu. (Yoh. 3:16; 17:3; Yak. 2:26) Ate ŋu axɔ ɣleti geɖe hafi míakpe ɖe ame aɖe ŋu le go siawo katã me. Gake ɣesiaɣi si wòɖe afɔ siawo dometɔ aɖe la, egatena ɖe Yehowa ŋu wu eye wòdzranɛ ɖo ɖe adzɔgbeɖeɖe nɛ ŋu.

3. Nu ka tae nufiafia nyuie bia be míabia nya siwo ana aƒemenɔlaa nagblɔ eƒe susu?

3 Nu Kae Nye Biblia-nusrɔ̃via Ƒe Susu?: Hafi nàte ŋu anya nenye be wò Biblia-nusrɔ̃vi se nu siwo srɔ̃m wòle la gɔme eye wòlɔ̃ ɖe wo dzi la, mègaxɔ nyawo katã agblɔ o, eye nàde dzi ƒo nɛ be wòagblɔ eƒe susu. (Yak. 1:19) Ðe wòse nu si Biblia gblɔ tso nya si me dzrom miele ŋu la gɔmea? Ðe wòate ŋu aɖe eme le eya ŋutɔ ƒe nyagbewo mea? Aleke wòse le eɖokui me tso nu si wòsrɔ̃ la ŋu? Ðe wòxɔe se be Biblia ƒe nufiafiawo le eteƒea? (1 Tes. 2:13) Ðe wòkpɔe be ele be yeatrɔ yeƒe agbenɔnɔ wòasɔ ɖe nu siwo srɔ̃m yele la nua? (Kol. 3:10) Hafi míate ŋu akpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo tɔgbi la, ele be míabia nyawoe aɖaŋutɔe be wòagblɔ eƒe susu, eye míaɖo toe.​—Mat. 16:13-16.

4. Nu kae wòle be míawɔ ne ele sesẽm na nusrɔ̃vi aɖe be wòase nu siwo srɔ̃m wòle tso Biblia me la gɔme alo anɔ agbe ɖe wo nu?

4 Numamewo kple tamesusu ƒe nɔnɔmewo ƒoa ke ɖe to ɖe ame me vevie eye asiɖeɖe le wo ŋu xɔa ɣeyiɣi. (2 Kor. 10:5) Ke ne nusrɔ̃via melɔ̃ ɖe nu si srɔ̃m wòle la dzi o alo menɔa agbe ɖe enu o ya ɖe? Ele be míagbɔ dzi ɖi hena ɣeyiɣi si sɔ, ale be Mawu ƒe Nya la kple gbɔgbɔ kɔkɔea nawɔ dɔ ɖe nusrɔ̃via ƒe dzi dzi. (1 Kor. 3:6, 7; Heb. 4:12) Le esi míaƒo nya ɖe nusrɔ̃via nu teƒe la, anyo wu be míayi nyati bubu dzi nenye be ele sesẽm nɛ be wòase Biblia ƒe nufiafia aɖe gɔme alo anɔ agbe ɖe enu. Ne míegbɔ dzi ɖi nɛ eye míeyi edzi le nu fiamee tso Biblia me lɔlɔ̃tɔe la, esia ate ŋu aʋãe wòava ɖe afɔ siwo hiã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe