INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/15 axa 2
  • ‘Nya Siawo Natsi Dzi Me Na Wò’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Nya Siawo Natsi Dzi Me Na Wò’
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðoɖo Aɖe Si Le Kpekpem Ðe Ƒomewo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Nu Kae Ana Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me?—Akpa 2 Lia
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Ƒometadedeagu—Àte Ŋu Ana Wòagavivi Wua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Kpe Ðe Wò Ƒomea Ŋu Woaɖo Ŋku Yehowa Dzi
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
km 8/15 axa 2

‘Nya Siawo Natsi Dzi Me Na Wò’

Dzilawo le abe alẽkplɔlawo ene. Ele be woalé be na wo viwo nyuie elabena woate ŋu atra eye woadze wo dzi bɔbɔe. (Lod. 27:23) Aleke dzilawo ate ŋu awɔ esiae? Ele be woadi ɣeyiɣi aɖo dze kple wo viwo gbe sia gbe ale be woate ŋu anya nu siwo le dzi kple susu me na wo. (Lod. 20:5) Azɔ hã, ele be dzilawo nazã xɔtunu siwo dzo mate ŋu afia o ne wole wo viwo ƒe xɔse tum ɖo. (1 Kor. 3:10-15) Video si nye ‘Nya Siawo Natsi Dzi Me Na Wò,’ te gbe ɖe ale si wòle vevie be ƒomewo nanɔ Ƒometadedeagu wɔm edziedzi la dzi. Ƒomea nekpɔe ɖekae, eye miadzro nyabiase siwo gbɔna la me.

(1) Nu ka gbɔe wòtso be Amenu ƒe ƒomea va gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me? (2) Nu ka tae agbagba siwo Nɔviŋutsu Amenu dze gbã be yeana ƒomea nanɔ ƒometadedeagu wɔm la medze edzi o? (3) Mɔ ka dzie Ŋɔŋlɔawo gblɔ be ne woto he ɖeviwo la, awɔe be dzilawo ate ŋu akpɔ dzidzedze? (5 Mose 6:6, 7) (4) Nu kae ana be dzeɖoɖo nyui nanɔ ƒomea me? (5) Nu kawoe wòle be ɖeviwo kple dzilawo siaa natsɔ asa vɔe? (6) Ŋusẽ nyui kae Nɔviŋutsu kple Nɔvinyɔnu Dunyo kpɔ ɖe Amenu ƒomea dzi? (Lod. 27:17) (7) Nu kae wòle be ƒome ƒe ta nawɔ do ŋgɔ ale be ƒometadedeagua nakpɔ dzidzedze? (8) Nu kae Nɔviŋutsu Amenu wɔ hafi nuwo te tɔtrɔ le eƒe ƒomea me? (9) Nu ka tae ƒometadedeagua wɔwɔ edziedzi le vevie? (Ef. 6:4) (10) Nu ŋutɔŋutɔ kawoe woate ŋu awɔ le ƒometadedeagu me? (11) Aleke Nɔviŋutsu Amenu gbɔ dzi ɖi gake tɔ afɔ to sesĩe esime wònɔ kpekpem ɖe Mawuko ŋu be wòakpɔ nu si tae wòle vevie be wòawɔ nu si sɔ? (Yer. 17:9) (12) Aleke Nɔviŋutsu kple Nɔvinyɔnu Amenu kpe ɖe Rebeka ŋu be wòwɔ nyametsotso nyuitɔ ku ɖe ƒomedodo si le eya kple Yaovi dome ŋu? (Marko 12:30; 2 Tim. 2:22) (13) Aleke Nɔviŋutsu kple Nɔvinyɔnu Amenu ɖe xɔse fia esime wonɔ asitɔtrɔ wɔm tso ale si wonɔa agbee ŋu? (Mat. 6:33) (14) Aleke video sia te gbe ɖe ale si wòle vevie be ƒome ƒe tawo nakpɔ woƒe ƒomea ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ la dzi? (1 Tim. 5:8) (15) Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ abe ƒome ƒe ta ene?

ƑOME ƑE TAWO NADE DZESII: Wowɔ egbegbe drama sia le nutome gã takpekpe si míewɔ le ƒe 2011 me. Ɣemaɣi la, ɖe nède dzesii asitɔtrɔ aɖewo siwo wòle be nàwɔ be wò ƒometadedeagu naganyo ɖe edzia? Ke fifia ɖe? Ne egahiã be nàwɔ asitɔtrɔ aɖewo la, ekema do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàwɔ wo be wòahe viɖe mavɔwo vɛ na wò ƒomea.—Ef. 5:15-17.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe