Srɔ̃ Woƒe Xɔse
1. Agbalẽ kae míasrɔ̃ le Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃ ƒe kpekpea me tso October 19 ƒe kwasiɖaa me?
1 Le October 19, 2015 ƒe kwasiɖaa me la, míadze agbalẽ si nye Srɔ̃ Woƒe Xɔse sɔsrɔ̃ gɔme le Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃ ƒe kpekpea me. Agbalẽ sia ƒo nu tso ŋutsu kple nyɔnu 14 siwo ɖe xɔse fia siwo ƒe ŋutinyawo le Biblia me la ŋu. Agbalẽ sia ƒo nu tso xɔsetɔ siawo ŋu le mɔ si ana míakpɔ wo le susu me be wonye ame ŋutɔŋutɔ siwo do go kuxiwo esime wonɔ Yehowa subɔm. Egblɔ nufiame siwo le ŋutinya mawo me siwo akpe ɖe mía ŋu míanya nu siwo míawɔ ne míeɖo nɔnɔme mawo tɔgbi me.—Heb. 6:12.
2. Ƒo nu tso Srɔ̃ Woƒe Xɔse gbalẽa ƒe akpa vevi aɖewo ŋu?
2 Eƒe Akpa Vevi Aɖewo: Ɣeyiɣikɔntabubu kple anyigbatata siwo akpe ɖe mía ŋu míakpɔ afi si Bibliameme siawo nɔ kple ɣeyiɣi si me wonɔ anyi hã le eme. Azɔ hã, akpa aɖe le ta ɖe sia ɖe ƒe nuwuƒe si ƒe tanyae nye “Bu Nya Siawo Ŋu . . . ,” si akpe ɖe mía ŋu míade ŋugble tso ŋutinyaa ŋu ale be míate ŋu awɔ nufiame vevi siwo le eme la ŋu dɔ. Míakpɔ nɔnɔmetata dzeani siwo ana míakpɔ ŋutinyawo le susu me la hã le agbalẽ sia me.
3. Nu kae míate ŋu awɔ be agbalẽ sia sɔsrɔ̃ naɖe vi na mí?
3 Nu Si Nàwɔ Be Wòaɖe Vi Na Wò: Lɛta si tso Dɔdzikpɔhaa gbɔ si wotsɔ dze agbalẽa gɔme ƒe akpa aɖe gblɔ be: “Nɔ nudzɔdzɔa kpɔm le susu me; tsɔe be èle eteƒe hafi nuawo le dzɔdzɔm. Dze agbagba nàtsɔ ɖokuiwò aɖo ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe, siwo ƒe ŋutinya me dzrom wole la teƒe, kpɔ nu si kpɔm wonɔ. De dzesi ale si wowɔ nui le nɔnɔme si me wonɔ me eye nàkpɔe ɖa be nenye yee le nɔnɔme ma me ɖe aleke yeawɔ nui hã.” Gake be míakpɔ nudzɔdzɔawo le susu me mefia be míawo ŋutɔwo míasusu nuawo wu ale si tututu wole o, ke boŋ be míakpɔ nu siwo tututu Ŋɔŋlɔawo gblɔ la le susu me eye míatsɔ mía ɖokuiwo aɖo ameawo teƒe. Ebia ɣeyiɣi kple ŋugbledede hafi míate ŋu awɔ esia. (Neh. 8:8) Ne nusɔsrɔ̃a adze egɔme tso ta aɖe ƒe domedome la, nusɔsrɔ̃a dzi kpɔla atsɔ sekɛnd 30 va se ɖe 60 ato kwasiɖa si do ŋgɔ la ƒe nusɔsrɔ̃a me hafi ayi edzi. Ne akpa si nye “Bu Nya Siawo Ŋu . . . ,” mele akpa siwo míasrɔ̃ le kwasiɖa ma me ŋu o la, ekema nusɔsrɔ̃a dzi kpɔlaa ŋutɔ nabia numetotobiabia ɖeka alo eve atsɔ aƒo etae.
4. Nu ka tae wòhiã be míasrɔ̃ Srɔ̃ Woƒe Xɔse gbalẽa?
4 Míele xexe aɖe si dina gbe sia gbe be yeana míaƒe xɔse nagbɔdzɔ alo dome nagblẽ la me. Agbalẽ sia me nyawo kple esiwo wotana ɖe Gbetakpɔxɔ me edziedzi, nye nunana tso Yehowa gbɔ be wòakpe ɖe mía ŋu míatu xɔse sẽŋu ɖo. (Yak. 1:17) Mina míawɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ bliboe ade Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃ kpekpea edziedzi, eye míakpɔ gome le nyaŋuɖoɖo me bliboe ne míele agbalẽ sia srɔ̃m ɖekae!