Mitsɔ Nyagblɔɖilawo Abe Kpɔɖeŋu Ene—Habakuk
1. Nu ka tae míate ŋu ase le mía ɖokui me abe ale si Habakuk se le eɖokui me ene?
1 Esi vɔ̃ɖinyenye le dzidzim ɖe edzi le xexea me godoo ƒo xlã mí ta la, míate ŋu ase le mía ɖokui me abe Habakuk ene, ame si bia Yehowa be: “Nu ka tae nèna mele nu vlo wɔwɔ teƒe kpɔm? Eye nu ka tae nèle ameteteɖeanyi teƒe kpɔm?” (Hab. 1:3; 2 Tim. 3:1, 13) Ŋugbledede le Habakuk ƒe gbedeasia kple ale si wòwɔ nuteƒee ŋu ate ŋu ado ŋusẽ mí esi míele Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la lalam.—2 Pet. 3:7.
2. Aleke míate ŋu aɖee afia egbea be míewɔa nuteƒe?
2 Wɔ Nuteƒe: Le esi Habakuk nana nu siwo teƒe kpɔm wòle naɖe dzi le eƒo teƒe la, enɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me eye wòyi dɔ si Mawu de asi nɛ la dzi. (Hab. 2:1) Yehowa ka ɖe edzi na nyagblɔɖila la be yeƒe nyawo ava eme ɖe game dzi, eye ‘ame dzɔdzɔe ƒe nuteƒewɔwɔ ana wòanɔ agbe.’ (Hab. 2:2-4) Nu kae nya siawo fia na mí Kristotɔ siwo le agbe le nuwuɣi sia ƒe yɔyrɔe nu? Nu si le vevie wue nye be míaka ɖe edzi bliboe be nuwuwua ava godoo ke menye be míatsi dzi ɖe ɣeyiɣi si nuwuwua ava ŋu o. Xɔse ʋãa mí be míanɔ ŋudzɔ ahatsɔ subɔsubɔdɔa aɖo nɔƒe gbãtɔ.—Heb. 10:38, 39.
3. Nu ka tae wòle be míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm le Yehowa subɔsubɔ me?
3 Kpɔ Dzidzɔ Ðe Yehowa Ŋu: Woado míaƒe xɔse akpɔ ne Gog si tso Magog-nyigba dzi dze Yehowa ƒe amewo dzi. (Eze. 38:2, 10-12) Aʋawɔwɔ nana amewo kpea fu, eye ame siwo ɖua dzi gɔ̃ hã kpea fu. Nuɖuɖu tea ŋu vena, nunɔamesiwo dome tea ŋu gblẽna, eye ɖewohĩ abia be amewo nanɔ agbe tsɛ. Aleke nàwɔ nui ne ehiã be nàto nɔnɔme sesẽwo me? Habakuk kpɔ mɔ be yeato nɔnɔme sesẽwo me, eya ta eɖoe be yeayi edzi atsɔ dzidzɔ asubɔ Yehowa. (Hab. 3:16-19) “Dzidzɔ si tsoa Yehowa gbɔe” akpe ɖe mía ŋu míado dzi le xaxa siwo ava mía dzi le etsɔme la me.—Neh. 8:10; Heb. 12:2.
4. Dzidzɔ kae míate ŋu akpɔ fifia kple etsɔme siaa?
4 Yehowa ayi edzi anɔ nu fiam ame siwo ta wòakpɔ le ʋɔnudɔdrɔ̃ si le ŋgɔ gbɔna la me tso eƒe mɔwo ŋu. (Hab. 2:14) Ame siwo woafɔ ɖe tsitre la asrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu. Fifia gɔ̃ hã la, mina míawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ atsɔ aƒo nu tso Yehowa ƒe dɔ wɔnukuwo ŋu!—Ps. 34:1; 71:17.