INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb16 June axa 3
  • Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu, Eye Nàwɔ Nyui

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu, Eye Nàwɔ Nyui
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Yehowa Ƒe Nu Nenyo Ŋuwò”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Psalmo 37:4—“Yehowa Ƒe Nu Nenyo Ŋuwò”
    Mawunyakpukpui Siwo Me Woɖe
  • Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Ɣeawokatãɣi!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Ðo Dzi Ðe Yehowa Ŋu Esi Nuwuwua Le Aƒe Tum
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
mwb16 June axa 3

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | PSALMOWO 34-37

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu, Eye Nàwɔ Nyui

“Mègaʋã ŋu nu tovo wɔlawo o”

37:1, 2

  • Mègaɖe mɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ si nu ayi kpuie nahe wò susu ɖa le Yehowa subɔsubɔ ŋu o. Na wò susu nanɔ gbɔgbɔmeyayrawo kple gbɔgbɔmetaɖodzinuwo ŋu

“Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye nàwɔ nu nyui”

37:3

  • Ka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe ɖikeke alo dzimaɖitsitsi ɖe sia ɖe nu. Akpe ɖe ŋuwò nàwɔ nuteƒe

  • Nɔ gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia veviedodotɔe

“Yehowa ƒe nu nenyo ŋuwò”

37:4

  • Wɔ ɖoɖo nànɔ Mawu ƒe Nyaa xlẽm ahanɔ ŋugble dem le eŋu kple taɖodzinu be nàganya Yehowa ɖe edzi

“Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa si me”

37:5, 6

  • Ka ɖe edzi bliboe be Yehowa akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ kuxi ɖe sia ɖe si nàdo goe la gbɔ

  • Ðe nɔnɔme nyui fia ne wotsi tsitre ɖe ŋuwò, ti yowòme alo gblɔ nya vɔ̃ ɖe ŋuwò

“Zi kpi le Yehowa ŋkume kpoo, eye nànɔ esinu kpɔm”

37:7-9

  • Ƒo asa na nuwɔwɔ dzitsitsitɔe si ate ŋu agblẽ wò dzidzɔkpɔkpɔ kple wò gbɔgbɔmededienɔnɔ dome

“Ame fafawo anyi anyigba la dome”

37:10, 11

  • Di ɖokuibɔbɔ yome mɔ, eye nàtsɔ ɖokuibɔbɔ akpɔ Yehowa sinu va se ɖe esime wòaɖe nu madzɔmadzɔ siwo katã ƒe fu kpem nèle ɖa

  • Kpe ɖe haxɔsetɔwo ŋu, eye nàtsɔ Mawu ƒe xexe yeye si tu aƒe ŋutɔ la afa akɔ na ame siwo lé blanui

Mawudɔla aɖe do eƒe asiwo ɖe Paradisonyigba dzi

Mesia Fiaɖuƒea ahe yayra gbogbowo vɛ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe