Nɔvi aɖe le gbeƒã ɖem na nyɔnu aɖe kple via le India ƒe nuto si nye West Bengal
Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
GBETAKPƆXƆ
Nyabiase: Mí katã míehiã akɔfafa ɣeaɖewoɣi. Gake aleke míawɔ akpɔe?
Mawunyakpukpui: 2Ko 1:3, 4
Nya Si Nàgblɔ: Gbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso ale si Mawu faa akɔ na míi ŋu.
GBETAKPƆXƆ (megbekpaa dzi)
Nyabiase: Ame aɖewo susuna be Mawu Fiaɖuƒea le ame ƒe dzi me; ame bubuwo hã be enye agbagba siwo dzem amegbetɔwo le be yewoahe ŋutifafa va xexea me. Nu kae nèsusu?
Mawunyakpukpui: Da 2:44
Nya Si Nàgblɔ: Biblia gblɔ be Mawu Fiaɖuƒea nye dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ si le dzi ɖum. Nyati sia dzro nu bubu siwo Biblia gblɔ tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu me.
FIA NYATEƑEA
Nyabiase: Aleke míawɔ anya be Mawu léa be na mí?
Mawunyakpukpui: 1Pe 5:7
Nyateƒea: Mawu le mía kpem be míado gbe ɖa na ye elabena eléa be na mí.
ŊLƆ WÒ ŊUTƆ WÒ DZEÐONYA ÐI
Nɔ te ɖe kpɔɖeŋudzeɖonyawo dzi nàdzra wò ŋutɔ wò dzeɖonya ɖo