INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb16 September axa 3
  • ‘Nɔ Agbe Ðe Yehowa Ƒe Se La Nu’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Nɔ Agbe Ðe Yehowa Ƒe Se La Nu’
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ƒe Nya Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Na Mawu Ƒe Nya Nanye Kekeli Na Wò Toƒe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Aleke Gbegbee Nèlɔ̃ Mawu Ƒe Nya Lae?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • “Aleke Gbegbe Nyemehelɔ̃a Wò Se Lae O!”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
mwb16 September axa 3

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | PSALMO 119

‘Nɔ Agbe Ðe Yehowa Ƒe Se La Nu’

Hafi míate ŋu anɔ agbe ɖe Yehowa ƒe se la nu la, ele be míaɖe mɔ Mawu ƒe sea nafia mɔ mí. Abe hakpalaa ene la, Biblia ƒo nu tso ame geɖe siwo hã ɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe se la ŋu henɔ agbe ɖe enu la ŋu.

Hakpalaa le kpo tɔm

Agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe se la nu ye nana míekpɔa dzidzɔ vavãtɔ

119:1-8

Yosua le agbalẽ xatsaxatsa aɖe xlẽm

Yosua ka ɖe Yehowa ƒe mɔfiame dzi bliboe. Enya be hafi yeakpɔ dzidzɔ kple dzidzedze la, ele be yeaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu kple dzi blibo

Mawu ƒe Nya la naa dzideƒo si míehiã be míanɔ te ɖe agbemekuxiwo nu la mí

119:33-40

Yeremiya le gbe dom ɖa

Dzi nɔ Yeremiya ƒo eye wòɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le nɔnɔme sesẽwo me. Enɔ agbe tsɛ eye wòdo dzi wɔ dɔ siwo Mawu de esi

Mawu ƒe Nya la me sidzedze vavãtɔ naa dzi nɔa mía ƒo míeɖea gbeƒã

119:41-48

Paulo le gbeƒã ɖem na Nutodziɖula Felike

Paulo mevɔ̃ be yeagblɔ Mawu ƒe gbedeasia na amewo o. Eka ɖe edzi bliboe be Yehowa akpe ɖe ye ŋu esi wònɔ gbeƒã ɖem dzinɔameƒotɔe na Nutodziɖula Felike

Hakpalaa le kpo tɔm

Teƒe siawo dometɔ kae mahiã dzideƒo le be mate ŋu aɖe gbeƒã?

  • Suku

  • Dɔ me

  • Ƒometɔwo dome

  • Teƒe bubuwo

Woŋlɔ Psalmo 119 lia ɖe Hebrigbe ƒe alfabetawo ƒe ɖoɖo nu. Esia ate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòaɖo ŋku eme nyawo dzi bɔbɔe. Woma psalmo sia me nyawo ɖe hatsotso 22 me, eye kpukpui 8 ye le hatsotso ɖe sia ɖe me. Wotsɔ Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ɖeka dze hatsotso siawo dometɔ ɖe sia ɖe gɔme. Esi wònye alfabeta 22 ye le Hebrigbea me ta la, esia wɔe be kpukpui 176 ye le psalmo sia me si na be wònye psalmo si didi wu le Biblia me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe