INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb16 October axa 2
  • “Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Tso Dzi Blibo Me”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Tso Dzi Blibo Me”
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Nèka Ðe Ale Si Yehowa Wɔa Nui Dzia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Xɔ Mawu Dzi Se—Tso Nya Me Le Nunya Me!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Lododowo 3:5, 6—“Mègaku Ðe Wò Ŋutɔ Wò Nugɔmesese Ŋu O”
    Mawunyakpukpui Siwo Me Woɖe
  • Alesi Nàwɔ Nyametsotso Nyuiwoe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
mwb16 October axa 2

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | LODODOWO 1-6

“Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Tso Dzi Blibo Me”

Ŋutsu aɖe si nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me le gbe dom ɖa

Yehowae nye ame si dze, si ŋu wòle be míaɖo ŋu ɖo bliboe. Gɔmesese si le eƒe ŋkɔ ŋu la naa kakaɖedzi mí be ŋutete le eŋu be wòana eƒe ŋugbedodowo katã nava eme. Nu vevi siwo nana míeɖoa ŋu ɖe eŋu la dometɔ ɖekae nye gbedodoɖa. Lododowo ta 3 lia ka ɖe edzi na mí be ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu la, aɖo eteƒe na mí to ale si wòana ‘míaƒe mɔwo nadzɔ’ dzi.

Ame si bua eɖokui nunyalae la . . .

3:5-7

  • tsoa nya me le nuwo ŋu evɔ mebiaa Yehowa ƒe mɔfiame o

  • ɖoa ŋu ɖe eya ŋutɔ ƒe nunya alo xexea tɔ ŋu

Ame si ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu la . . .

  • toa Biblia sɔsrɔ̃, ŋugbledede kple gbedodoɖa dzi nɔa ƒomedodo kplikplikpli me kple Mawu

  • dia Mawu ƒe mɔfiame to ale si wòdia Biblia ƒe gɔmeɖosewo ne edi be yeatso nya me le nane ŋu

ESIAWO DOMETƆ KAE SƆ KPLE ALE SI MEWƆA NYAMETSOTSOWOE?

GBÃTƆ: Metiaa nu si mesusu be eyae nye nyuitɔ

GBÃTƆ: Metoa gbedodoɖa kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ dzi dia Yehowa ƒe mɔfiame

EVELIA: Mebiaa Yehowa be wòayra ɖe nye nyametsotsoa dzi

EVELIA: Metiaa nu si wɔ ɖeka kple Biblia ƒe mɔfiamewo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe