INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb16 November axa 3
  • Ale Si Biblia Ðɔ Srɔ̃nyɔnu Zazɛ̃

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Biblia Ðɔ Srɔ̃nyɔnu Zazɛ̃
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Vidada aɖe ƒe Aɖaŋuɖoɖo si Me Nunya Le
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • “Wonya Srɔ̃a Nyuie Le Dugbo La Nu”
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
  • ‘Nyɔnu Ƒe Tae Nye Ŋutsu’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Dzidzɔ Ate Ŋu Anɔ Wò Ƒomea Me
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
mwb16 November axa 3

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | LODODOWO 27-31

Ale Si Biblia Ðɔ Srɔ̃nyɔnu Zazɛ̃

Lododowo ta 31 lia ƒo nu tso gbedeasi vevi aɖe si tso Fia Lemuel dada gbɔ nɛ la ŋu. Aɖaŋu nyui si dadaa ɖo nɛ la kpe ɖe eŋu wòkpɔ nu si ŋu wòalé ŋku ɖo ne ele srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ dim.

Woate ŋu aɖo ŋu ɖe eŋu

Nyɔnu aɖe si nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me le nuɖuɖu tsɔm na eƒe ƒomea

31:10-12

  • Edoa susu ɖa ne eya kple srɔ̃a wole nya me tsom na ƒomea eye wòbɔbɔa eɖokui

  • Srɔ̃a ɖoa ŋu ɖe eŋu hafi tsoa nya me, eye metea tɔ ɖe edzi be ele be ye srɔ̃ nabia yeƒe susu le nu sia nu ŋu kokoko o

Ewɔa dɔ sesẽ

Nyɔnu aɖe si nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la le teƒo

31:13-27

  • Eléa be na ga eye wònɔa agbe tsɛ ale be eƒe ƒomea nate ŋu akpɔ nudodo siwo sɔ nyuie, eye woakpɔ nu aɖu wòasu wo

  • Ewɔa dɔ sesẽ tsɔ kpɔa eƒe aƒe dzi zã kple keli

Enye gbɔgbɔmeme

Nyɔnu aɖe le gbe dom ɖa

31:30

  • Evɔ̃a Mawu eye wòdzea agbagba be ƒomedodo nanɔ ye kple Mawu dome

ÈNYAA?

Le Biblia ŋlɔɣi la, wodea asixɔxɔ adzagba dzĩwo ŋu ŋutɔ. Wonya kpɔ, womebɔ o, eye wo kpɔkpɔ sesẽ. Mediterranea-ƒua kple Ƒudzĩa me koŋ ye wobɔ ɖo, eye enye adzɔnu veviwo dometɔ ɖeka.

Adzagba dzĩ

Biblia ɖee fia be asixɔxɔ le adzagba ŋu, eye eyɔnɛ kpena ɖe sika, klosalo kple safir ŋu zi geɖe.

Mawu ƒe Nyaa gblɔ be srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ ‘xɔ asi wu adzagba.’—Lod 31:10.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe