NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | YEREMIYA 39-43
Yehowa Aɖo Eteƒe Na Ame Sia Ame Ðe Eƒe Dɔwɔwɔwo Nu
Zedekiya mewɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiame si nye be wòana ta Babilontɔwo la dzi o
Wowu Zedekiya viwo le eya ŋutɔ ŋkume. Wogbã ŋku nɛ, de akɔblikunyowui eye wodee gaxɔ me le Babilon va se ɖe esime wòku
Ebed-Melek ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye wòɖee fia be yetsɔ ɖe le eme na Eƒe nyagblɔɖila Yeremiya
Yehowa do ŋugbe be yeakpɔ Ebed-Melek ta ne wova be woatsrɔ̃ Yuda
Yeremiya ɖe gbeƒã ƒe geɖe dzinɔameƒotɔe hafi wova tsrɔ̃ Yerusalem
Yehowa kpɔ Yeremiya ta esime woɖe to ɖe Yerusalem dua eye wòna Babilontɔwo ɖe asi le eŋu