KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ
Yehowa Maŋlɔ Lɔlɔ̃ Si Nèɖe Fia La Be O
MIKPƆ VIDEO SI NYE YEHOWA MAŊLƆ LƆLƆ̃ SI NÈÐE FIA LA BE O, EMEGBE MIDZRO NYABIASE SIAWO ME:
Kuxi kawo mee míetona ne míele tsitsim?
Nɔnɔme nyui kae nɔa ame si sum zi geɖe ne ele tsitsim?
Ne èku amegã alo nyagã la, aleke 3 Mose 19:32 kple Lododowo 16:31 ate ŋu ade dzi ƒo na wòe?
Aleke Yehowa bua esubɔla tsitsi wɔnuteƒe siwo megatea ŋu wɔa geɖe le subɔsubɔdɔa me o?
Nu kae Yehowa di be míawɔ ne míetsi gɔ̃ hã?
Aleke ame tsitsiwo ate ŋu ade dzi ƒo na ame bubuwoe?
Gblɔ ale si nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu tsitsi aɖe de dzi ƒo na wò le ŋkeke siawo me.