Ɣeyiɣi didi na Biblia sɔsrɔ̃ kple ŋugbledede
Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
NYƆ!
Nyabiase: Mawu gbɔe Biblia tso loo alo amegbetɔ ƒe susue le emea?
Mawunyakpukpui: 2Ti 3:16
Nya Si Nàgblɔ: Nyɔ! sia ƒo nu tso kpeɖodzi etɔ̃ siwo fia be Mawu gbɔe Biblia tso nyateƒe la ŋu.
FIA NYATEƑEA
Nyabiase: Aleke wòle be míabu agbe si Mawu na mí lae?
Mawunyakpukpui: Nyɖ 4:11
Nyateƒea: Mawue na agbe mí eya ta míedea bubu agbe ŋu. Míeɖɔa ŋu ɖo le nu siwo ate ŋu ana míadze afɔku ŋu eye míaɖoe koŋ awu ame o. Míedea asixɔxɔ nunana si nye agbe ŋu.
NU KAE ANA DZIDZƆ NANƆ ƑOMEA ME?
Nyabiase: Kpɔ nyabiase si le trakt sia dzi kple ŋuɖoɖo vovovoawo ɖa. Nu kae nèsusu?
Mawunyakpukpui: Lu 11:28
Nya Si Nàgblɔ: Trakt sia ƒo nu tso ale si nya sia aɖe vi na wò ƒomea kple nu si tae míaka ɖe Biblia me nyawo dzi la ŋu.
ŊLƆ WÒ ŊUTƆ WÒ DZEÐONYA ÐI
Nɔ te ɖe kpɔɖeŋudzeɖonyawo dzi nàdzra wò ŋutɔ wò dzeɖonya ɖo.