INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb17 June axa 2
  • Ðe Nèxɔ Yehowa Ƒe Ŋugbedodowo Dzi Se Bliboea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nèxɔ Yehowa Ƒe Ŋugbedodowo Dzi Se Bliboea?
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋugbedodowo Dzi Wɔla La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nusi Dzi Yosua Ðo Ŋkui
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Nya Vevi Siwo Tso Yosua ƒe Agbalẽ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Edi Be Agbe Nadze Edzi Na Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
mwb17 June axa 2

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ðe Nèxɔ Yehowa Ƒe Ŋugbedodowo Dzi Se Bliboea?

Yosua kple Salomo siaa ɖo kpe edzi be ŋugbe siwo katã Yehowa do la dometɔ aɖeke medo kpo emevava o. (Yos 23:14; 1Fi 8:56) Ame eve siawo ƒe ɖaseɖiɖi siwo ŋu kakaɖedzi le la nye gɔmeɖoanyi sesẽ si dzi míatu míaƒe xɔse ɖo la ƒe akpa aɖe.—2Ko 13:1; Tit 1:2.

Aleke Yehowa wɔ eƒe ŋugbedodowo dzi le Yosua ƒe ŋkekeawo me? Wò kple wò ƒomea mikpɔ video si nye ‘Nya Ku Ðeka Hɔ̃ Hã Meto Le Eme O.’ Eyome midzro biabia siawo me: (1) Mɔ ka nue míate ŋu asrɔ̃ ale si Rahab wɔ nu dzinɔameƒotɔe le? (Heb 11:31; Yak 2:24-26) (2) Aleke nu si dzɔ ɖe Akan dzi na míekpɔe be ne míeɖoe koŋ gbe toɖoɖoa, míakpɔ emetsonua? (3) Togbɔ be Gibeontɔwo nye aʋakalẽtɔwo hã la, nu ka tae woble Yosua eye wowɔ ŋutifafa kple Israel? (4) Aleke Yehowa ƒe Nya va eme esime Amoritɔwo ƒe fia atɔ̃ do ŋɔdzi na Israel? (Yos 10:5-14) (5) Mɔ ka nue Yehowa kpe ɖe ŋuwò le esi nètsɔ Mawu Fiaɖuƒea kple eƒe dzɔdzɔenyenye ɖo nɔƒe gbãtɔ le wò agbe me?—Mt 6:33.

Ne míede ŋugble tso nu siwo katã Yehowa wɔ, nu siwo wɔm wòle kple nu siwo wòava wɔ ŋu la, ale si míexɔ eƒe ŋugbedodowo dzi se la me agasẽ ɖe edzi.—Ro 8:31, 32.

Yosua

Ðe xɔse le asiwò abe Yosua enea?

BIABIAWO NA ŊUGBLEDEDE:

  • Biblia me nyagblɔɖi kawoe nèkpɔ be wole eme vam egbea?

  • Biblia me nyagblɔɖi kawoe nèle mɔ kpɔm be woava eme?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe