NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | EZEKIEL 1-5
Edzɔ Dzi Na Ezekiel Be Yeaɖe Gbeƒã Mawu Ƒe Gbedeasi
Yehowa tsɔ agbalẽ xatsaxatsa aɖe na Ezekiel le ŋutega me eye wògblɔ nɛ be wòaɖui. Nu kae ema fia?
Ele be Ezekiel nanya Mawu ƒe gbedeasi si gblɔ ge wòala la me nyawo nyuie. Ŋugbledede le agbalẽ xatsaxatsaa me nyawo ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe Ezekiel dzi eye wòaʋãe wòaƒo nu
Agbalẽ xatsaxatsaa vivi le nu me na Ezekiel elabena nɔnɔme nyui nɔ esi ɖe eƒe dɔdeasia ŋu