Wole amewo kpem be woava kpekpeawo le Cook Islands
Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
GBETAKPƆXƆ
Nyabiase: Ðe mawudɔlawo li ŋutɔŋutɔa?
Mawunyakpukpui: Ps 103:20
Nya Si Nàgblɔ: Gbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso nu si Biblia gblɔ tso mawudɔlawo kple ale si wokpena ɖe mía ŋu la ŋu.
FIA NYATEƑEA
Nyabiase: Ðe dzɔdzɔmeŋutinunya tsi tre ɖe Biblia ŋua?
Mawunyakpukpui: Yes 40:22
Nyateƒea: Nya siwo Biblia gblɔ tso dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu la de pɛpɛpɛ.
HAMEA ƑE KPEKPEWO ƑE AMEKPEGBALẼVI (inv)
Nya Si Nàgblɔ: Medi be makpe wò nàva se Biblia me nuƒo aɖe femaxee. Woaƒo nuƒoa le míaƒe Fiaɖuƒe Akpata me, afi si míedea ta agu le. [Tsɔ amekpegbalẽvia ɖeka nɛ, fia afi si gamea kple teƒea le le agbalẽvia dzi lae, eye nàyɔ nuƒoa ƒe tanya nɛ.]
Nyabiase: Ède Fiaɖuƒe Akpata aɖe me kpɔa? [Ne asɔ la, ɖe video si nye Nu Kawoe Yia Edzi Le Fiaɖuƒe Akpata Me?]
ŊLƆ WÒ ŊUTƆ WÒ DZEÐONYA ÐI
Nɔ te ɖe kpɔɖeŋudzeɖonyawo dzi nàdzra wò ŋutɔ wò dzeɖonya ɖo.