NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | HOSEA 1-7
Edzɔa Dzi Na Yehowa Ne Míeɖe Lɔlɔ̃ Vavã Fia—Ðe Wòdzɔa Dzi Na Wò Hã?
Kukuɖeameŋu, nuteƒewɔwɔ, anukwareɖiɖi kple nu malɔmalɔ̃ le ame gbɔ ye ʋãa ame wòɖea lɔlɔ̃ vavã fiana. Yehowa zã Hosea kple srɔ̃a mawɔnuteƒe Gomer ƒe kpɔɖeŋua tsɔ fia nu tso lɔlɔ̃ vavã kple tsɔtsɔke ŋu.—Ho 1:2; 2:7; 3:1-5.
Mɔ ka nue Gomer ɖee fia le be lɔlɔ̃ vavã mele ye si o?
Mɔ ka nue Israel-viwo ɖee fia le be lɔlɔ̃ vavã mele yewo si o?
Mɔ ka nue Hosea ɖe lɔlɔ̃ vavã fia le?
Mɔ ka nue Yehowa ɖe lɔlɔ̃ vavã fia le?
BIABIA SI ŊU NÀDE ŊUGBLE LE: Mɔ ka nue mate ŋu aɖe lɔlɔ̃ vavã afia Yehowa le?