NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | MIKA 1-7
Nu Kae Yehowa Di Tso Mía Si?
Yehowa nya afi si míaƒe ŋutetewo se ɖo, eye media nu siwo mímate ŋu awɔ o la tsoa mía si o. Le Mawu gbɔ la, ale si mí kple mía nɔviwo dome le la nye míaƒe subɔsubɔ vavãtɔ ƒe akpa aɖe. Ne míedi be míaƒe vɔsawo nadze Yehowa ŋu la, ke ele be míawɔ nu ɖe mía nɔviwo ŋu le lɔlɔ̃ me, eye míade bubu wo ŋu.