INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb18 March axa 7
  • “Minɔ Ŋudzɔ”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Minɔ Ŋudzɔ”
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Àyi Edzi ‘Anɔ Ŋudzɔa’?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Ŋudzɔnɔnɔ Ŋuti Nufiame—Ðetugbui Leaƒeawo
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Ðe Nèle Nuxlɔ̃ameawo Dzi Wɔma?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • ‘Dɔla Nuteƒewɔla’ La To Dodokpɔ Me Dedie!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
mwb18 March axa 7
Ðetugbui leaƒe ewo siwo ŋu Yesu ƒe lododoa ku ɖo

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | MATEO 25

“Minɔ Ŋudzɔ”

25:1-12

Togbɔ be Yesu ƒe lododo si ku ɖe ɖetugbui leaƒe ewoawo ŋu yi na amesiaminawo koŋ hã la, emenyawo aɖe vi na Kristotɔwo katã. (w15 3/15 9-14) “Eya ta minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o.” (Mt 25:13) Àte ŋu aɖe Yesu ƒe lododoa mea?

  • Ŋugbetɔsrɔ̃ (kpukpui 1)—Yesu

  • Aɖaŋudzelawo, ɖetugbui siwo dzra ɖo (kpukpui 2)—Woawoe nye Kristotɔ amesiamina siwo le klalo be yewoawɔ dɔ siwo wode asi na yewo la nuteƒewɔwɔtɔe eye wole keklẽm abe akaɖiwo ene va se ɖe nuwuwu (Flp 2:15)

  • Ɣli ɖi: “Ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo loo!” (kpukpui 6)—Efia be Yesu va ɖo

  • Ðetugbui siwo tsi bome (kpukpui 8)—Woawoe nye Kristotɔ siwo do go be yewoakpe Ŋugbetɔsrɔ̃ la, gake womenɔ ŋudzɔ o eye womeyi edzi wɔ nuteƒe o

  • Ðetugbui siwo dze aɖaŋu gbe be yewomana yewoƒe amia ƒe ɖe wo o (kpukpui 9)—Ne wotre amesiaminawo nu vɔ la, atsi megbe akpa be amesiamina wɔnuteƒeawo nakpe ɖe wo dometɔ siwo mewɔ nuteƒe o la ŋu

  • “Ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo” (kpukpui 10)—Yesu ava drɔ̃ ʋɔnu le xaxa gã la ƒe nuwuwu lɔƒo

  • Ðetugbui siwo nye aɖaŋudzelawo yi srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea kple ŋugbetɔsrɔ̃ la, eye wotu ʋɔa (kpukpui 10)—Yesu aƒo amesiamina wɔnuteƒeawo nu ƒu ɖe dziƒo, gake dziƒofetua ato ame mawɔnuteƒeawo ŋu

Lododoa mefia be amesiamina geɖewo mawɔ nuteƒe o eye wòahiã be woatia ame bubuwo aɖo wo teƒe o. Ke boŋ enye nuxlɔ̃ame be Kristotɔ amesiamina ɖe sia ɖe ate ŋu atiae be yeanɔ dzadzraɖoɖi ahanɔ ŋudzɔ alo be yeatrɔ azu kluvi vɔ̃ɖi si mawɔ nuteƒe o. Yesu xlɔ̃ nu wo be: “Minɔ dzadzraɖoɖi.” (Mt 24:44) Mɔkpɔkpɔ ka kee ɖale mía si o, Yesu di tso mía dometɔ ɖe sia ɖe si be míadzra míaƒe dzi ɖo awɔ nuteƒe le míaƒe subɔsubɔdɔa me, eye be mí katã míanɔ ŋudzɔ.

Nu kawo wɔm mele si fia be mele ŋudzɔ?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe