INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb18 August axa 8
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Zã JW.ORG

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Zã JW.ORG
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Di Aɖaŋuɖoɖo Nyui Siwo Nu Nànɔ Agbe Ðoa Le JW.ORG
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
  • Afi kae míakpɔ ŋuɖoɖo na agbe me biabia vevitɔwo le?
    Afi Kae Míakpɔ Ŋuɖoɖo Na Agbe Me Biabia Vevitɔwo Le?
  • Te Esia Kpɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Èbu Nya Siawo Ŋu Kpɔa?
    Nyɔ!—2019
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
mwb18 August axa 8
Nɔviŋutsu aɖe tsɔ kadodogbalẽvi le ŋutsu aɖe fiam be wòaʋu jw.org

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Zã JW.ORG

NU SI TA WÒLE VEVIE: Agbalẽ ɖe sia ɖe si le Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nu amewo dome la hea susu yia jw.org dzi. Le nyateƒe me la, taɖodzinu vevitɔ si le kadodogbalẽvia kple trakt si nye Afi Kae Míakpɔ Ŋuɖoɖo Na Agbe Me Biabia Vevitɔwo Le? ŋue nye be woakpe ɖe amewo ŋu woayi míaƒe nyatakakadzraɖoƒea. Àte ŋu azã jw.org atsɔ aɖo agbalẽ aɖe si le mɔ̃ dzi eye wòle Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nu amewo dome ɖe ame aɖe to e-mail alo link dzi. Esia ɖea vi vevietɔ ne èle gbeƒã ɖem na ame aɖe si doa gbe bubu. Azɔ hã, amewo ate ŋu abia nya siwo ƒe ŋuɖoɖowo le agbalẽ bubu siwo mele Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nu amewo dome o. Ne míezãa nyatakakadzraɖoƒea la, akpe ɖe mía ŋu míaƒe subɔsubɔdɔa nanyo ɖe edzi.

ALE SI NÀWƆE:

  • Ame aɖe le kadodogbalẽvia dzi kpɔm be yeaʋu jw.org

    Zã “BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO.” ƒe teƒea. Tsɔe be èle gbeƒã ɖem na dzila aɖe si di be yeanya nu geɖe tso vihehe ŋu. Ekema ʋu BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO > SRƆ̃ÐEÐE KPLE ƑOMEGBENƆNƆ.

  • Zã “AGBALẼWO” ƒe teƒea. Tsɔe be èle vomeɖase ɖim na sukuhati aɖe eye èdi be yeaƒo nu tso agbalẽ gbadza si nye Nya 10 Siwo Sɔhɛwo Biana Ƒe Ŋuɖoɖowo ŋu nɛ. Ekema ʋu AGBALẼWO > AGBALẼWO KPLE AGBALẼ GBADZAWO.

  • Zã “MÍA ŊU NYAWO” ƒe teƒea. Tsɔe be èle gbeƒã ɖem na wò dɔwɔhati aɖe si di be yeaxlẽ nu vi aɖe tso míaƒe dzixɔsewo ŋu. Ekema ʋu MÍA ŊU NYAWO > NYA SIWO AMEWO BIANA EDZIEDZI.

MIKPƆ VIDEO SI NYE ZÃ JW.ORG, EYOME KPƆE ÐA BE NYATAKAKADZRAÐOƑEA ƑE AFI KAE NÀYI AKPE ÐE AME SIWO GBƆNA ŊU:

  • ame si mexɔ Mawu dzi se o

  • ame aɖe si dzi afɔku dzɔ ɖo medidi o

  • nɔvi aɖe si dzudzɔ gbeadzi dede

  • ame aɖe si gbɔ nètrɔ yi si di be yeanya afi si míekpɔa ga le tsɔ wɔa míaƒe dɔwo

  • ame aɖe si tso dukɔ bubu me si di be yeayi kpekpe ne yetrɔ yi yewo de

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe