INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb18 November axa 8
  • Miwɔ Nu Ðekae Ne Miele Gbeƒã Ðem Le Nuto Siwo Me Gbe Vovovo Dolawo Le

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Miwɔ Nu Ðekae Ne Miele Gbeƒã Ðem Le Nuto Siwo Me Gbe Vovovo Dolawo Le
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ne Aƒemenɔlaa Nye Gbe Bubu Dola
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Mɔ Siwo Dzi Míetona Ðea Gbeƒã Nya Nyuia
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Ði Ðase Na Gbe Bubu Dolawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Yehowa Wɔ Ðoɖo Be Míaɖe Gbeƒã Na Ame Sia Ame
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
mwb18 November axa 8

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Miwɔ Nu Ðekae Ne Miele Gbeƒã Ðem Le Nuto Siwo Me Gbe Vovovo Dolawo Le

Atsu kple asi aɖe le gbeadzi eye wodo go ŋutsu aɖe kple via siwo doa gbe si to vovo na wo tɔ

Amewo lɔ̃na faa be yewoaɖo to Fiaɖuƒe gbedeasia ne wosee le wo degbe me. Anye susu ma tae le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi la, Yehowa wɔ ɖoɖo be “Yudatɔ mawuvɔ̃la siwo tso dukɔ sia dukɔ me le dziƒoa te” nase nya nyuia le woawo “ŋutɔ degbe” me, togbɔ be woanya se Hebrigbe alo Helagbe si ame geɖe dona ɣemaɣi hã. (Dw 2:5, 8) Le nuto siwo me gbe vovovo dolawo le me egbea la, hame siwo doa gbe vovovowo la ate ŋu anɔ dɔ wɔm le anyigbamama ɖeka ma ke me. Aleke gbeƒãɖela siwo le hame siawo tɔgbi me awɔ nu ɖekae aɖe gbeƒã na amewo katã evɔ womanɔ dɔ wɔm ɖe dɔ dzi si aɖia aƒemenɔlawo nu o?

  • fon

    Mide adaŋu (Lod 15:22): Ele be subɔsubɔdɔdzikpɔlawo nade adaŋu akpɔe ɖa be mɔnu kawoe yewoazã wòade yewo dzi yewoaɖe gbeƒã nya nyuia hã. Ne anyigbamamaa melolo o la, hameawo ate ŋu aɖoe be yewomayi aƒe siwo me aƒemenɔlawo medoa gbe si yewoƒe hamea dona me o. Ke hã, ne hame mawo mete ŋu le woƒe anyigbamamaa kpem ɖo edziedzi o, le esi aƒeawo dome didi ta la, woate ŋu atiae be miage ɖe aƒe ɖe sia ɖe me, gake miana yewoanya ne ame aɖe ɖe ɖetsɔleme fia le anyigbamamaa me. (od 93 ¶37) Alo woate ŋu abia tso miaƒe hamea si be miakpe ɖe yewo ŋu yewoadi ame siwo doa gbe si yewoƒe hamea dona eye miaɖo woƒe adrɛswo ɖe yewo. (km 7/12 5, aɖaka) Gake nenɔ susu me na mi hã be, gbe vovovo dolawo ate ŋu anɔ aƒe aɖewo me. Ele be ɖoɖo siwo miawɔ be yewoate ŋu akpe anyigbamamawo ɖo la, nawɔ ɖeka kple se siwo ku ɖe amewo ƒe nyatakakawo ŋu le dukɔa me.

  • Aƒe siwo le anyigbamama aɖe me

    Miwɔ dɔ ɖekae (Ef 4:16): Miwɔ ɖe mɔfiame siwo subɔsubɔdɔdzikpɔla na mi la dzi pɛpɛpɛ. Ðe nèle Biblia srɔ̃m kple ame aɖe si medoa gbe si miaƒe hamea dona oa? Ne ètsɔ nusrɔ̃via na ame aɖe le hame alo ƒuƒoƒo si te ɖe mia ŋu si doa wo degbea la, esia akpe ɖe eŋu wòayi ŋgɔ kabakaba.

  • Gbegbɔgblɔwo tiãƒe

    Dzra ɖo (Lod 15:28; 16:1): Ne aƒemenɔlaa doa gbe bubu la, dze agbagba nàgblɔ nya nyuia nɛ. Bu gbe vovovo dola siwo ŋu nàte ŋu ake ɖo la ŋu eye nàwɔ Biblia kple video siwo le gbe mawo me ƒe kɔpi ɖe wò fon alo tablɛt dzi do ŋgɔ.Àte ŋu azã JW Language app la, atsɔ asrɔ̃ ale si wodoa gbe na ame le gbe mawo me hã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe