NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | DƆWƆWƆWO 27-28
Paulo Ðo Tɔdziʋu Yi Roma
Togbɔ be Paulo nye gamenɔla hã la, medzudzɔ nuƒoƒo tso eƒe dzixɔsewo ŋu o. Esi wònɔ tɔdziʋua me la, eɖi ɖase na ʋua me dɔwɔlawo kple ame bubu siwo nɔ ʋua me. Ðikeke mele eme o be esi woƒe ʋua va gbã le Malta megbe la, ezã mɔnukpɔkpɔa tsɔ gblɔ nya nyuia na ame siwo wòda dɔ na. Esi wòɖo Rama ŋkeke etɔ̃ megbe la, eƒo Yudatɔwo ƒe ame ŋkutawo nu ƒu ale be yeaɖi ɖase na wo. Eye esime wònɔ gaxɔ me le aƒe aɖe me ƒe eve sɔŋ la, eɖia ɖase na ame siwo katã va srãnɛ kpɔ.
Nu kae nàte ŋu awɔ aɖe gbeƒã nya nyuia togbɔ be nɔnɔme si me nèle la mede dziwò o hã?