KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ
Ale Si Mí Katã Míakpe Asi Ðe Beléle Na Míaƒe Tadeaguƒewo Ŋu
Menye xɔ dzro aɖe koe míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo nye o; wonye tadeaguƒe siwo ŋu wokɔ na Yehowa. Aleke mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu akpe asi ɖe beléle na Fiaɖuƒe Akpataa ŋu?
MIKPƆ VIDEO SI NYE BELÉLE NA MÍAƑE TADEAGUƑEWO, EYOME MIAÐO BIABIA SIWO GBƆNA ŊU:
Taɖodzinu kawoe le míaƒe tadeaguƒewo ŋu?
Nu ka tae wòle be míalé be na Fiaɖuƒe Akpataa eye míaɖɔ nu siwo gblẽ la ɖo?
Vi kae asikpekpe ɖe beléle na Fiaɖuƒe Akpataa ŋu dɔwo ŋu ɖe na wò?
Nu ka tae dedienɔnɔ le vevie, eye esia ƒe kpɔɖeŋu kawoe nède dzesii le videoa me?
Aleke míetoa míaƒe nudzɔdzɔwo dzi dea bubu Yehowa ŋui?
ALEKE MADI BE MANA KPEKPEÐEŊUI?