INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb19 June axa 8
  • Na Tsɔɖui Geɖe Nanɔ Wò Ðokuisinusɔsrɔ̃ Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Na Tsɔɖui Geɖe Nanɔ Wò Ðokuisinusɔsrɔ̃ Me
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2019
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Teƒeɖoɖo Nyuiwo Le Nusɔsrɔ̃ Me
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Nusɔsrɔ̃—teƒeɖoɖo Kple Dzidzɔ Le Eme
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Srɔ̃ Fiawo Ƒe Kpɔɖeŋua
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Ƒomedodo Nyui me Nɔnɔ Kple Yehowa Tutu Ðo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2019
mwb19 June axa 8

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Na Tsɔɖui Geɖe Nanɔ Wò Ðokuisinusɔsrɔ̃ Me

NU SI TA WÒLE VEVIE: Ne míesrɔ̃a Mawu ƒe Nyaa le mía ɖokui si la, akpe ɖe mía ŋu be “[míate] ŋu ase nyateƒea ƒe kekeme kple didime kple kɔkɔme kpakple goglome gɔme tsitotsito.” (Ef 3:18) Akpe ɖe mía ŋu hã be míanye fɔmaɖilawo kple mokakamanɔŋutɔwo le dzidzime vɔ̃ɖi sia me eye “[míalé] agbenya la me ɖe asi goŋgoŋ.” (Flp 2:15, 16) Ðokuisinusɔsrɔ̃ nana ame ŋutɔ tiaa nyati aɖe si ŋu wòadi be yeasrɔ̃ nu tsoe le Mawu ƒe Nyaa me. Aleke míawɔ be ɣeyiɣi si míezãna tsɔ xlẽa Biblia hesrɔ̃nɛ la naɖe vi na mí geɖe wu?

ALE SI NÀWƆE:

  • De dzesi kpukpuiwo eye nàwɔ nuŋlɔɖiwo ɖe Biblia si nèzãna tsɔ srɔ̃a nui, eɖanye Biblia ŋutɔ loo alo mɔ̃ dzi tɔ o, me

  • Ne èle Mawu ƒe Nyaa xlẽm la, bia nya siawo ɖokuiwò: ‘Ame ka? Nu ka? Ɣekaɣie? Afi ka? Nu ka ta? Alekee?’

  • Ku nu me. Zã numekugbalẽ siwo li nàtsɔ aku nu mee, àte ŋu adi nyati alo Biblia kpukpui aɖe

  • De ŋugble le nu si nèxlẽ la ŋu eye nàde dzesi ale si woka wòe

  • Wɔ nu siwo nèsrɔ̃ la ŋu dɔ gbe sia gbe.—Lk 6:47, 48

MIKPƆ VIDEO SI NYE ‘LÉ AGBENYA LA ME ÐE ASI GOŊGOŊ’ TO ÐOKUI- SINUSƆSRƆ̃ SI ME TSƆÐUI LE DZI, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Aleke ame aɖewo ɖɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃e?

  • Nu ka tae wòle be míado gbe ɖa hafi adze ɖokuisinusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe gɔme?

  • Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míase Biblia ƒe akpa aɖe gɔme nyuie wu?

  • Amadede kawo tɔgbie míate ŋu atsɔ ade dzesi nuwo le míaƒe Biblia me?

  • Ne míele Mawu ƒe Nyaa srɔ̃m la, nu ka tae wòhiã be míade ŋugble le eŋu?

  • Aleke wòle be míazã nu siwo míesrɔ̃ lae?

Nɔvinyɔnu aɖe le ɖokuisinusɔsrɔ̃ deto wɔm; nɔviŋutsu aɖe le dzesi dem nuwo ɖe eƒe Biblia me; nɔvinyɔnu aɖe le nu siwo wòde dzesii ɖe eƒe Biblia me la ta kam na ŋutsu eve aɖewo; nɔviŋutsu aɖe le gbe dom ɖa

“Aleke gbegbe nyemehelɔ̃a wò se lae o! medea ŋugble le eŋu ŋkeke blibo la.”—Ps 119:97

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe