INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb19 June axa 7
  • Tia Nu Si Nètsɔ Ðea Modzakae La Nyuie

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tia Nu Si Nètsɔ Ðea Modzakae La Nyuie
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2019
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tia Modzakaɖeɖe Siwo Dzea Yehowa Ŋu
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Ale Si Míatia Nu Siwo Míatsɔ Aɖe Modzakae
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
  • Ale Si Nàwɔ Atia Modzakaɖeɖe Nyuiwo
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
  • Modzakaɖeɖe Tuameɖo Li Nàkpɔ
    Nyɔ!—1997
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2019
mwb19 June axa 7

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Tia Nu Si Nètsɔ Ðea Modzakae La Nyuie

Nu ka tae wòle be míatia nu si míetsɔ ɖea modzakae la nyuie? Elabena ne míetia film aɖe be míakpɔ, tia ha aɖe be míase, ayi nyatakakadzraɖoƒe aɖe le internet dzi, axlẽ agbalẽ aɖe, alo aƒo video dzi fefe aɖe la, ke míele nu siwo míade míaƒe susu me la tiam. Tiatia siwo míewɔna la kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi. Nublanuitɔe la, nu siwo medzea Yehowa ŋu o la bɔ ɖe modzakaɖenu gbogbo siwo li egbea la dometɔ geɖe me. (Ps 11:5; Ga 5:19-21) Le esia ta, Biblia xlɔ̃ nu mí be míayi edzi anɔ nu siwo dea bubu Yehowa ŋu la ŋu bum.—Flp 4:8.

MIKPƆ VIDEO SI NYE MODZAKAÐEÐE KAE MATIA? EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Romatɔwo ƒe yivufefe

    Aleke yivufefe si blema Romatɔwo wɔna la ɖi modzakaɖeɖe aɖewo siwo li egbea?

  • Nɔviŋutsu mɔɖela aɖe le dɔ wɔm kple nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe si le hamea me la le gbeadzi

    Aleke hamea me tɔwo ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu be woatia modzakaɖeɖewo nyuie?

  • Asrafo

    Ŋusẽ kae wòle be Romatɔwo 12:9 nakpɔ ɖe nu siwo míetsɔ ɖea modzakae dzi?

  • Sɔhɛ Ðasefowo le bɔl ƒom

    Modzakaɖeɖe siwo sɔ kawoe le miaƒe nutoa me?

MODZAKAÐEÐE KAE NÀTIA, ESI NÀNƆ ANYI KPOO ANƆ KPƆKPƆM LOO ALO ESI WÒ ŊUTƆ NÀWƆ?

Modzakaɖeɖe akpa gãtɔ siwo li egbea nye esiwo ame anɔ anyi kpoo anɔ kpɔkpɔm alo anɔ nu xlẽm tso ame bubuwo ŋu, wu be eya ŋutɔ nanɔ nua wɔm. Nu siwo amewo wɔ ŋue filmwo, agbalẽwo kple television dzi wɔnawo ƒoa nu tsoe, ke menye nu siwo nèwɔ o. Togbɔ be nu siwo ame bubuwo wɔ ƒe wɔƒe li hã la, ame geɖe kpɔe be ne modzakaɖeɖea nye esi me wò ŋutɔ nèƒo ɖokuiwò ɖo la, eɖea vi wu. Le kpɔɖeŋu me, edzɔa dzi na ame aɖewo be yewoaƒo haƒonu aɖe alo ata nu. Ame bubuwo dina be yewoayi teƒe aɖe ava ƒo bɔl, aƒu tsi alo aɖu ɣe atsɔ aɖe modzakae. Modzakaɖeɖe ka kee míeɖatia o, mina “[míawɔ] nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu.”—1Ko 10:31.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe