INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb19 October axa 8
  • Yehowa Lɔ̃a Ame Siwo Le Dzadzɛ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Lɔ̃a Ame Siwo Le Dzadzɛ
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2019
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzadzɛnyenye—Nuka Tututue Wòfia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Aleke Dzadzɛnyenye Le Vevie?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Mawu Lɔ̃a Ame Siwo Le Dzadzɛ
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
  • Dzadzɛnyenye—Nu Ka Tae Wòle Vevie?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2019
mwb19 October axa 8
Nɔviŋutsu aɖe le aɖuɖɔɖɔƒe kple nugododeƒea dzram ɖo le Fiaɖuƒe Akpataa me

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Yehowa Lɔ̃a Ame Siwo Le Dzadzɛ

“Klɔ wò asiwo. Dzra xɔa me ɖo. Kplɔ anyigba. Tsɔ gbeɖuɖɔa ƒu gbe.” Dzila geɖewo fiaa ale si wo viwo anɔ dzadzɛ le ŋutilã me la wo. Ke hã, mía Mawu si le kɔkɔe la gbɔe dzadzɛnyenye ƒe ɖoɖo siwo dzi míezɔna ɖo la dzɔ tso. (2Mo 30:18-20; 5Mo 23:14; 2Ko 7:1) Ne míena míaƒe ametia kple nunɔamesiwo le dzadzɛ la, eɖenɛ fiana be míedea bubu Yehowa ŋu. (1Pe 1:14-16) Ke míaƒe aƒewo me kple kpɔdomeewo hã ɖe? Amewo tsɔa gbeɖuɖɔ ƒua gbe ɖe mɔdodowo dzi eye wogblẽa wo ɖe hadome teƒewo, gake mí Kristotɔwo ya míewɔa míatɔ sinua be míana míaƒe aƒe, si nye anyigbaa nanɔ dzadzɛ. (Ps 115:16; Nyɖ 11:18) Ale si míetsɔa nu suesuesuewo abe kpetiketsrowo, aŋe alo nugoe siwo me míeno nane le kple aŋekpetikewo ene gɔ̃ hã ƒua gbee la ate ŋu aɖe ale si míebua dzadzɛnyenyee la afia. Míadi be míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa nana wòadze be “míeɖea mía ɖokui fiana . . . be míenye Mawu ƒe subɔlawo.”—2Ko 6:3, 4.

MIKPƆ VIDEO SI NYE MAWU LƆ̃A AME SIWO LE DZADZƐ, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Nya kawoe ame aɖewo gblɔna tsɔ doa taflatse ɖe nu si tae womeléa be na woƒe nunɔamesiwo o?

  • Aleke Mose ƒe Sea ɖe ale si Yehowa bua dzadzɛnyenye fiae?

  • Aleke míate ŋu ahe kafukafu avɛ na Yehowa nya aɖeke magblɔmagblɔe?

Vifofo aɖe le gegem ɖe via ƒe ʋu si ƒo ɖi me; vifofoa le Yehowa ƒe dzidzenu siwo ku ɖe dzadzɛnyenye ŋu la me dzrom kple via; nunɔla eve siwo nɔ anyi le blema Israel la tɔ ɖe akɔblize si me wokua tsi le lena alo tsɔ klɔa nuwo la gbɔ; ɖevia tɔ ʋu si wòklɔ nyui la ɖe gbeadzi ƒe ƒuƒoƒo aɖe ƒe mɔnu

Aleke mate ŋu aɖe ale si Yehowa bua dzadzɛnyenyee la afia le nye agbe me?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe