NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 1 PETRO 3-5
“Nuwo Katã Ƒe Nuwuwu Ðo Vɔ”
Madidi o, míadze ŋgɔ xaxa gã si tɔgbi meva kpɔ o. Aleke míawɔ ayi edzi asẽ ŋu le gbɔgbɔ me fifia kple etsɔme siaa?
Nɔ gbe dom ɖa, zã gbedodoɖa ƒe mɔnu vovovoawo katã
Ðe lɔlɔ̃ akuakua fia nɔvi haxɔsetɔwo eye nàyi edzi ana kadodo kplikplikpli nanɔ wò kpli wo dome
Wɔ amedzro na wo tso dzi me
BIA ÐOKUIWÒ BE, ‘Mɔ ŋutɔŋutɔ kawo dzie mate ŋu ato aɖe lɔlɔ̃ akuakua afia eye mawɔ amedzro na nɔvi siwo le mía gbɔ kple esiwo le xexea me godoo?’