NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 1 MOSE 12-14
Nubabla Aɖe Si Ka Wò
Yehowa bla nu kple Abraham, si na wòva le bɔbɔe le se nu be Yesu kple eƒe hatidziɖulawo naɖu dzi tso dziƒo
Nubablaa te dɔwɔwɔ tso ƒe 1943 D.Y. me, esi Abraham tso Frat-tɔsisia esime wòyina Kanaan
Nubablaa ayi edzi anɔ dɔ wɔm va se ɖe esime Mesia Fiaɖuƒea tsrɔ̃ Mawu ƒe futɔwo eye wòhe yayrawo vɛ na anyigbadziƒomewo katã
Yehowa yra Abraham ɖe eƒe xɔse sesẽ la ta. Ne míexɔ Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi se la, yayra kawoe míakpɔ le nu, si Mawu bla kple Abraham la ta?