INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb20 April axa 8
  • Nu Kae Le Vevie Nam Wu Le Agbe Me?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Kae Le Vevie Nam Wu Le Agbe Me?
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Sɔhɛwo, Ðe Miele Gbɔgbɔmetaɖodzinuwo Minyama?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Kutrikuku Ɣekaɣie Yehowa Ðoa Eteƒe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Zã Mawusubɔsubɔ Me Taɖodzinuwo tsɔ Kafu Wɔwòlae
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Nu Ka Tae Wòle Be Kristotɔwo Nawɔ Geɖe Na Yehowa?
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
mwb20 April axa 8
Yakob le kame tem kple mawudɔla aɖe.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Nu Kae Le Vevie Nam Wu Le Agbe Me?

Yakob te kame kple mawudɔla aɖe vevie le esi wòdi be Yehowa nayra ye ta. (1Mo 32:24-31; Ho 12:3, 4) Ke míawo ya ɖe? Ðe míele agbagba dzem be míaʋli vevie aɖo to Yehowa ne wòayra mía? Le kpɔɖeŋu me, tiatia kae nàwɔ ne wòhiã be nàde hamea ƒe kpekpe aɖe evɔ wò dɔwɔɖuia bia be nàwɔ dɔ gaƒoƒo ʋɛ aɖewo akpee? Ne míezã míaƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ kple nunɔamesi nyuitɔwo le Yehowa subɔsubɔ me la, adudu ‘yayra akɔ ɖe mía dzi va se ɖe esime naneke magahiã mí o.’ (Mal 3:10) Afia mɔ mí, akpɔ mía ta eye wòakpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ.—Mt 6:33; Heb 13:5.

MIKPƆ VIDEO SI NYE MINYA GBƆGBƆMETAÐODZINUWO, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe le eƒe ŋutilãmedɔ si nye tokunɔgbe gɔmeɖeɖedɔ wɔm.

    Aleke nu si nɔvinyɔnua lɔ̃ vevie la va zu tetekpɔ nɛ?

  • Nɔvinyɔnu mɔɖela ma ke le dɔ wɔm le zã me le eƒe dɔwɔƒe.

    Aleke wòate ŋu adzɔe be míaƒe dɔwɔɖuia nava zu tetekpɔ na mí?

  • Timoteo tɔ ɖe fesre to le zã me le agbalẽ xatsaxatsa xlẽm.

    Nu ka tae wòhiã be Timoteo naɖo taɖodzinuwo na eɖokui togbɔ be enye ame si tsi eye wonye gbɔgbɔmeme gɔ̃ hã?—1Ti 4:16

  • Nɔvinyɔnu mɔɖelaa kple nɔvinyɔnu bubu le gbe dom na Biblia nusrɔ̃vi aɖe si gbɔ wòyi be yewoasrɔ̃ Biblia.

    Nu kae le vevie na wò wu le agbe me?

    Nu kae míawɔ wòaɖe “dɔ si le vevie na mí” wu la afia?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe