NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 2 MOSE 4-5
“Nye Ŋutɔ Manɔ Kpli Wò Ne Èle Nu Ƒom”
Yehowa kpe ɖe Mose ŋu wòɖu vɔvɔ̃ dzi. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nya si Yehowa gblɔ na Mose me?
Mele be míana míaƒe susu katã nanɔ nu siwo míate ŋu awɔ o la ŋu o
Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe mía ŋu míawɔ míaƒe dɔdeasiwo
Ne míexɔ Mawu dzi se la, akpe ɖe mía ŋu be míagavɔ̃ na amegbetɔ o
Aleke Yehowa kpe ɖe ŋunye meɖu kuxi siwo medo goe le gbeadzi la dzi?