NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 2 MOSE 8-9
Farao Dadala La Menya Be Yenɔ Asi Kpem Ðe Eŋu Be Mawu Ƒe Tameɖoɖo Nava Eme O
Egiptetɔwo ƒe Faraowo bua wo ɖokuiwo mawuwoe. Esia na míekpɔ susu si tae dada nɔ Farao me ale gbegbe be meɖo to Mose kple Aron o, eye meɖo to eya ŋutɔ ƒe akunyawɔlawo gɔ̃ hã o.
Ðe nèlɔ̃na xɔa susu siwo amewo dona ɖa? Ðe wòdzɔa dzi na wò ne ame aɖe ɖo aɖaŋu na wòa? Alo ɖe nèsena le ɖokuiwò me be yeƒe nya dzɔ ɣesiaɣia? “Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ.” (Lod 16:18) Eya ta ele vevie be míaƒo asa na dada!