INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb20 August axa 3
  • Nɔ Te Sesĩe Esi Nuwuwua Le Aƒe Tum

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nɔ Te Sesĩe Esi Nuwuwua Le Aƒe Tum
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Srɔ̃ Mawu Ƒe Nɔnɔmewo—Dzideƒo
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
  • Dzi Ate Ŋu Anɔ Ƒowò
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • “Lé Dzi Ðe Ƒo, . . . Eye Nàwɔ Dɔ La”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Na Dzi Naɖo Ƒonye
    ‘Mikɔ Gbe Dzi Miadzi Ha Na Yehowa Dzidzɔtɔe’
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
mwb20 August axa 3

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Nɔ Te Sesĩe Esi Nuwuwua Le Aƒe Tum

NU SI TA WÒLE VEVIE: Eteƒe madidi o, nu dovoɖinamewo adzɔ si abia be dzi nanɔ mía ƒo eye míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu geɖe wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. Xaxa gãa adze egɔme ne wotsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo ɖa. (Mt 24:21; Nyɖ 17:16, 17) Le ɣeyiɣi sesẽ ma me la, anɔ eme be míaɖe gbeƒã ʋɔnudrɔ̃gbedeasi sesẽ aɖe. (Nyɖ 16:21) Gog si tso Magog adze mía dzi. (Eze 38:10-12, 14-16) Gake Yehowa ahe nu si Biblia yɔ be “Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” la vɛ atsɔ axɔ na eƒe amewo. (Nyɖ 16:14, 16) Be dzi nanɔ mía ƒo ɖe nu siawo siwo ava dzɔ le etsɔme ŋu la, ehiã be míayi edzi anɔ te sesĩe le xɔse ƒe dodokpɔ siwo vaa mía dzi fifia la me.

ALE SI NÀWƆE:

  • Nɔ agbe ɖe Yehowa ƒe agbe nyui nɔnɔ ƒe nudidiwo nu eye nàʋli wo ta dzinɔameƒotɔe.—Yes 5:20

  • Yi edzi nànɔ kpekpeawo dem.—Heb 10:24, 25

  • Lɔ̃ faa nàwɔ ɖe mɔfiame siwo Yehowa ƒe habɔbɔa nana mí la dzi.—Heb 13:17

  • De ŋugble le ale si Yehowa xɔ na eƒe amewo va yi la ŋu.—2Pe 2:9

  • Do gbe ɖa na Yehowa eye nàɖo ŋu ɖe eŋu.—Ps 112:7, 8

MIKPƆ WƆWƆFIA ƑE VIDEO SI NYE ETSƆMENUDZƆDZƆ SIWO ABIA BE DZI NANƆ MÍA ƑO—ƑE KPUITƆ, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Foto aɖewo siwo tso ‘Etsɔmenudzɔdzɔ Siwo Abia Be Dzi Nanɔ Mía Ƒo’ me. Nɔvinyɔnu aɖe si tsi dzi ɖe gbeƒãɖeɖe si wòxlẽ be woama hamea me ŋu la, tɔ ɖe Fiaɖuƒe Akpata me le tame bum.

    Esi woma hamea me la, aleke esia do hamea me tɔwo ƒe toɖoɖo kpɔe?

  • Foto aɖewo siwo tso ‘Etsɔmenudzɔdzɔ Siwo Abia Be Dzi Nanɔ Mía Ƒo’ me. Nɔvinyɔnu aɖe si tsi dzi ɖe gbeƒãɖeɖe si wòxlẽ be woama hamea me ŋu la, tɔ ɖe Fiaɖuƒe Akpata me le tame bum.

    Aleke toɖoɖo nana dzi ɖoa mía ƒo?

  • Foto aɖewo siwo tso ‘Etsɔmenudzɔdzɔ Siwo Abia Be Dzi Nanɔ Mía Ƒo’ me. Nɔvinyɔnu aɖe si tsi dzi ɖe gbeƒãɖeɖe si wòxlẽ be woama hamea me ŋu la, tɔ ɖe Fiaɖuƒe Akpata me le tame bum’

    Nu ka tae míahiã dzinɔameƒo ne Armagedon-ʋaa dze egɔme?

  • Foto aɖewo siwo tso ‘Etsɔmenudzɔdzɔ Siwo Abia Be Dzi Nanɔ Mía Ƒo’ me. Nɔvinyɔnu aɖe si tsi dzi ɖe gbeƒãɖeɖe si wòxlẽ be woama hamea me ŋu la, tɔ ɖe Fiaɖuƒe Akpata me le tame bum.

    Dzra ɖo fifia ɖe nu siwo adzɔ le etsɔme si abia be dzi nanɔ mía ƒo la ŋu

    Biblia me nudzɔdzɔ kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaxɔ edzi ase bliboe be Yehowa axɔ na mí?—2Kr 20:1-24

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe